Pular para o conteúdo
Publicidade

Fiawo 1 7

Salomo tu eƒe fiasã la

1 Solomo tu fiasã na eɖokui; fiasã la tutu ƒe wuietɔ̃. 2 Woyɔa fiasã la ƒe ɖeka be, "Lebanon ƒe Avexɔ." Elolo ŋutɔ, edidi mita blaene-vɔ-ade, keke mita blaeve-vɔ-etɔ̃ eye wòkɔ mita wuietɔ̃ kple afã. Sedati ƒe daɖedzi gãwo sedati ƒe sɔti siwo wotu ɖe agbaka ene me la dzi. 3 Wogbae kple sedati ɖe daɖedziawo tame. Daɖedziawo sɔti blaene-vɔ-atɔ̃awo dzi. Sɔti wuiatɔ̃ agbaka etɔ̃ dometɔ ɖe sia ɖe me. 4 Eɖe fesreawo ɖe kɔkɔƒe; fesre etɔ̃ axa ɖeka, etɔ̃ axa bubu eye wodze ŋgɔ wo nɔewo. 5 Ʋɔtrutiawo ƒe kekeme kple didime siaa , nenema kee fesretiwo sɔe. Wonɔ agbaka etɔ̃ me eye wodze ŋgɔ wo nɔewo.

6 Woyɔ bubu be Sɔtiwo Ƒe . Edidi mita blaadre-vɔ-etɔ̃ eye wòkeke mita wuietɔ̃ kple afã. Akpata aɖe ŋgɔ na sia. Wogba akpata sia ɖe sɔtiwo dzi.

7 Fiazikpuixɔ alo Ʋɔnudrɔ̃anyi, afi si Fia Solomo drɔ̃a ʋɔnu le. Efa sedaʋuƒowo ɖe gliawo ŋu tso anyigba ɖatɔ daɖedziawo. 8 Fia Solomo tu eya ŋutɔ ƒe nɔƒe ɖe sia megbe. Efa sedaʋuƒowo ɖe gliawo ŋu eye wòtu akpata aɖe ƒo xlãe. Egatu sia tɔgbi tututu ɖe fiasã la me na Fia Farao ƒe vinyɔnu, ame si nye srɔ̃awo dometɔ ɖeka.

9 Woɖo gli siawo katã tso gota va se ɖe xɔxɔnu la eye tso gɔmeɖokpe dzi va se ɖe kpe siwo wotsɔ ƒo xɔtae la dzi. Kpe siawo nye kpe xɔasi siwo wokpa kple laxalaxa eye wozrɔ̃ wo ŋkume kple wo godo siaa. 10 Woɖo la ƒe gɔmeɖokpewo kple kpe xɔasi gãwo eye ɖewo ƒe didime anɔ mita ene kple afã eye ɖewo etɔ̃ kple afã. 11 Woɖo gliawo ƒe dziƒogbɔ kple kpe xɔasi siwo wokpa ɖe dzidzeme nyuitɔ nu eye wotsɔ sedatiwo da ɖe wo dzi. 12 Wotsɔ kpe siwo woɖo atsyɔ̃ na la ɖo gli kpui aɖe ƒo xlã xɔxɔnu gãtɔ la eye le gli kpui la tame la, wotsɔ sedati si ŋuti woƒlɔ wòzrɔ̃ nyuie la ɖo ɖe etame abe ale si wowɔe le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu emetɔ kple eƒe akpata me la ene.

Nu siwo le Gbedoxɔ la ŋu kple eme

13 Azɔ Fia Solomo ɖo du ɖe ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Huram la tso Tiro be wòava. 14 Huram nye Yuda nyɔnu aɖe si tso Naftali ƒomea me eye wònye ahosi aɖe ƒe vi. Fofoa nye akɔblinutula tso Tiro, ale aɖaŋu, nugɔmesese kple nunya geɖe le tagbɔ eye wònya akɔbliɖaŋu vovovowo wɔwɔ. Eva Fia Solomo gbɔ eye wòwɔ siwo katã wode asi .

15 Hiram tsɔ akɔbli tu sɔti eve siwo me do le, ɖe sia ɖe mita enyi kple nu sue aɖe. 16 Ewɔ tameɖonu eve kple akɔbli be woatsɔ aɖo sɔtiawo dzi. Tameɖonu ɖe sia ɖe mita eve kple afã. 17 Ewɔ gaɖɔwo kple kɔsɔkɔsɔ adreadre da ɖe sɔtiawo tame. 18 Ewɔ seƒoƒowo ɖe fli eve me, woƒo xlã gaɖɔ ɖe sia ɖe be woaɖo atsyɔ̃ na tameɖonuawo dometɔ ɖe sia ɖe. 19 Wowɔ tameɖonu na sɔti siwo le akpata la me la ɖe dzogbenya ƒe nɔnɔme me, ɖe sia ɖe mita eve. 20 Wota seƒoƒo alafa eve (200) ɖe agbaka eve me ƒo xlã tameɖonu siwo le sɔtiawo tame la dzi. 21 Hiram da sɔti eve siawo ɖe gbedoxɔ la ƒe mɔnu. Esi le dziehe gome la ŋkɔe nye Yakin eye esi le anyiehe gome ŋkɔe nye Boaz. 22 Wotsɔ tameɖonu siwo wowɔ ɖe dzogbenya ƒe nɔnɔme me la da ɖe sɔtiawo tame, ale wowu sɔtiawo ŋuti dɔwo nu.

23 Emegbe la, Etsɔ gayibɔ gazɔ si le nogoo, eƒe ta ƒe kekeme anɔ mita eve kple afã kpe ɖo, gazɔ la ƒe kɔkɔme anɔ mita ɖeka kple afã. Ne wodzidze la ƒe kekeme blibo la, anɔ mita wuietɔ̃ kple afã. 24 Le la te lɔƒo la, wowɔ go siwo dome sentimita ene alo eve eye wonɔ agbaka eve me. Wololõ akɔbli wo kpe ɖe gazɔ la ŋu.

25 Wotsɔ la da ɖe nyitsu wuieve dzi. Etɔ̃ dze ŋgɔ anyiehe, etɔ̃ dze ŋgɔ ɣetoɖoƒe, etɔ̃ dze ŋgɔ dziehe eye etɔ̃ dze ŋgɔ ɣedzeƒe. Wotsɔ la da ɖe wo tame eye la ƒe afɔwo le woƒe titina. 26 la tri sentimita enyi, eƒe to le abe tsinokplu ene eye wowɔe abe ale si dzogbenya ƒe seƒoƒo le ene. Exɔa tsi kilolita blaene-vɔ-ene.

27 Etsɔ akɔbli nunɔdzi ewo, tasiaɖam ƒe afɔwo ɖe sia ɖe te. Nunɔdzi ɖe sia ɖe ƒe didime kple kekeme nye mita eve eye wòkɔ mita ɖeka kple afã. 28 Wowɔ wo kple akɔbli gbadza siwo woda ɖe akɔblitiwo dzi. 29 Wota dzatawo, nyitsuwo kple Kerubiwo ɖe akɔbli gbadzawo dzi. Wota seƒoƒotsihewo ɖe gatiawo dzi le dzataawo kple nyitsuawo tame kple wo te siaa. 30 Hiram tsɔ akɔbli tasiaɖamfɔ ene kple woƒe troƒewo ɖe nunɔdzi ɖe sia ɖe te. Zɔawo dzogoe eneawo dzi eye wodze ŋgɔ wo nɔewo. 31 Wotsyɔ nu zɔawo nu. Nutsyɔnuawo do ɖe dzi sentimita blaene-vɔ-atɔ̃ eye wogabi do ɖe anyigba le eme. 32 Akɔblifɔawo sentimita blaade-vɔ-ade. Wonɔ akɔbli gbadzawo te eye wotu troƒeawo kple tasiaɖamuawo ɖekae. 33 Woƒe afɔwo le abe tasiaɖam ƒe afɔwo ene. Wotsɔ akɔbli tasiaɖam la ƒe akpa ɖe sia ɖe.

34 Wotsɔ akɔbli sɔti suewo kple nunɔdziawo ɖekae ɖe woƒe dzogoewo me. 35 Womli nunɔdzi la ƒe nu wokɔ sentimita blaeve-vɔ-ade eye towo kple akɔgo le eŋu. 36 Wota Kerubiwo, dzatawo kple detiwo eye wofa seƒoƒowo ƒo xlã wo togawo afi sia afi si la ko. 37 Nunɔdzi ewoawo katã le lolome eye woɖi wo nɔewo elabena wololõ woƒe akɔbli ɖe nu ɖeka ma ke me le wo wɔɣi.

38 Hiram tsɔ gadzẽ ze ewo da ɖe nunɔdziawo dzi, ze ɖe sia ɖe keke eye wòdidi mita eve eye wòxɔa tsi lita alafa enyi blaenyi. 39 Woɖi ze atɔ̃ ɖe gbedoxɔ la ƒe dziehe eye woɖi atɔ̃ bubu ɖe eƒe anyiehe. la dzogoe si dziehe kple ɣedzeƒe dome la me le xɔa me le ɖusime. 40 Huram gawɔ zewo, sofiwo kple trewo.

Ale wòwu si Fia Solomo ɖo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la nu. Nu siwo wòwɔ la woe nye esiawo:

41 Sɔti eve;

tameɖonu ɖeka ɖeka na sɔti eveawo;

wotsi kɔsɔkɔsɔ eve ɖe tameɖonu nogoawo ŋu le sɔtiawo tame.

42 Yevuboɖa alafa ene (400) le agbaka eve me le gaɖɔ ɖeka ŋu ne woxe ta mligo eve siwo le sɔtiawo tame la ŋu;

43 nunɔdzi ewo kple ze ewo siwo nunɔdziawo dzi;

44 gazɔ ɖeka kple nyitsu wuieve siwo le gazɔ la te;

45 zewo, sofiwo kple trewo.

Nu siawo katã Huram na Fia Solomo hena Yehowa ƒe gbedoxɔ la kple akɔbli si ŋu wozrɔ̃. 46 Fia la na wololõ ga la ɖe nu si wowɔ ɖe nuawo ƒe nɔnɔme me le Yɔdan tɔsisi la ƒe balime le Sukɔt kple Zaretan dome. 47 Solomo mena woda nuawo kpɔ o, elabena akɔbliawo gbɔ ale gbegbe be, womate ŋu adae o.

48 Solomo na wotsɔ sika nyuitɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la me nuwo katã. Nu siawoe nye:

vɔsamlekpui,

kplɔ̃ si dzi wodaa Ŋkumeɖobolo ɖo;

49 akaɖitiwo, atɔ̃ le ɖusime eye atɔ̃ le miame, le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la ŋgɔ, seƒoƒowo,

akaɖiwo kple ɖovulãnuwo.

50 Wotsɔ sika nyuitɔ kpluwo, hɛwo, agbawo, gatsiwo kple nutɔgbawo

kple Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la ƒe ʋɔtrugawo kple gbedoxɔ la ƒe mɔnuʋɔtru.

51 Esi wowu Yehowa ƒe gbedoxɔ la nu mlɔeba la, Fia Solomo tsɔ klosalo kple sika kple nu siwo katã ŋu fofoa, Fia David, hena gbedoxɔ la, da ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒe la me.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também