4 Eya ɖeka zɔ mɔ ŋkeke blibo la yi gbedzi. Enɔ anyi ɖe ati aɖe te eye wòdo gbe ɖa be Yehowa nana yeaku. Egblɔ na Yehowa be, "Eglom azɔ, ɖe nye agbe ɖa, mele kuku ge gbe ɖeka kokoko; nyemenyo wu tɔgbuinyewo o."
5 Eliya mlɔ ati la te eye wòdɔ alɔ̃. Ke mawudɔla aɖe va nyɔe le alɔ̃ me eye wògblɔ nɛ be wòafɔ aɖu nu! 6 Etsa ŋku eye wòkpɔ abolo si mem wonɔ le kpe xɔdzowo dzi kple tsikplu aɖe! Ale wòɖu nu, no tsi la eye wògamlɔ anyi.
7 Mawudɔla la gava zi evelia, ganyɔe hegagblɔ nɛ be, "Fɔ, nàgaɖu nane elabena mɔ didi aɖe le ŋgɔ na wò." 8 Ale wòfɔ, ɖu nu, no nu eye nuɖuɖu la do ŋusẽe ale gbegbe be wòte ŋu zɔ mɔ ŋkeke blaene kple zã blaene yi Horeb to, Mawu ƒe to la dzi.
12 Dzo bibi kplɔ anyigbaʋuʋu la ɖo gake Yehowa menɔ dzo bibi la me o. Gbe bɔlɔe aɖe kplɔ dzo bibi la ɖo.
15 Yehowa gblɔ nɛ be, "Trɔ, nàlé mɔ si dzi nèto va eye nàyi ɖe Damasko gbegbe. Ne èɖo afi ma la, si ami na Hazael wòanye fia ɖe Aram dzi. 16 Le esia megbe la, nàsi ami na Yehu, Nimsi ƒe vi, wòazu Israel fia eye nàsi ami na Elisa, Safat ƒe vi, tso Abel Mehola ne wòanye nyagblɔɖila ɖe tewòƒe. 18 Ke hã la, magblẽ ame akpe adre ɖe Israel, ame siwo medze klo na Baal o eye wometsɔ woƒe nuwo gbugbɔ nu nɛ o."