Publicidade

1 Samuel 1

Samuel dzidzi

1 Esiae nye Elkana, ŋutsu aɖe si nye Efraimtɔ eye wònɔ Ramataim Zofim le Efraim ƒe to la dzi ƒe ŋutinya. Fofoae nye Yeroham, ame si fofoe nye Elihu, ame si fofoe nye Tohu eye Tohu fofoe nye Zuf ame siwo nye Efraimtɔwo. 2 Srɔ̃ eve Elkana si, ame siwo nye Hana kple Penina. Viwo Penina si ke Hana ya medzi vi o.

3 Elkana kple srɔ̃awo kple wo viwo zɔa ƒe sia ƒe yia Yehowa ƒe agbadɔ la me le Silo be woasubɔ Yehowa, ŋusẽkatãtɔ la, eye woasa . Yehowa ƒe nunɔla siwo subɔsubɔdɔwo wɔm ɣe ma ɣi woe nye Eli kple via eveawo; Hofni kple Finehas. 4 Ne ɣeyiɣi de be Elkana nasa la, aka vɔsalã la ƒe ɖe na srɔ̃a Penina kple via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo katã. 5 Ke enaa la ƒe akpa eve Hana ya elabena togbɔ be elɔ̃e la Yehowa tu eƒe vidzidɔ. 6 Esi wònye be Yehowa tu eƒe vidzidɔ ta la, atsusia nɔa dzigbãnyawo gblɔm ɖe eŋu be ne wòado dziku. 7 Esia yia dzi ƒe sia ƒe. Nenye be Hana yi ɖe Yehowa ƒe aƒe me la, atsusia gblɔa nya doa dziku va se ɖe esime wòwoa avi eye wògbea nuɖuɖu. 8 Srɔ̃a Elkana bianɛ be, "Hana, nya kae na nèle avi fam? Nu ka ŋuti nègbe nuɖuɖu? Nu ka ŋuti nèle nu xam ale? Ɖe nyamewu viŋutsu ewo na oa?"

9 Gbe ɖeka le Silo, esi woɖu nu, no nu la, Hana yi Agbadɔ la me, nunɔla Eli anyi ɖe eƒe teƒe le Yehowa ƒe Agbadɔ la ƒe mɔnu. 10 Hana nu xam vevie, avi fam le esime wònɔ gbe dom ɖa na Yehowa 11 eye wòɖe adzɔgbe na Yehowa be, "O Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, ne àkpɔ dɔla ƒe nublanuitɔnyenye dzi ɖa, aɖo ŋku dzinye eye màŋlɔ dɔla be o, ke boŋ nànae viŋutsu la, ekema matsɔe na Yehowa le eƒe agbemeŋkekewo katã me eye talũhɛ maka eƒe ta ŋu o."

12 Esime Hana gbe dom ɖa na Yehowa la, Eli ŋku lém ɖe eƒe nuyiwo ŋu. 13 Hana do gbea ɖa le eƒe dzi me, eƒe nuyiwo ʋaʋãm butubutu gake eƒe gbe meɖi wose o, eya ta Eli bu be ahae wòmu. 14 Ale Eli biae be, "Va se ɖe ɣe ka ɣi nàmu aha? Na wain la nakɔ le mo na ."

15 Hana ɖo eŋu gblɔ be, "Ao, nye aƒetɔ, nyɔnu si ƒe dzi le nu xam lae menye. Nyemenoa wain alo aha sesẽ o; ke boŋ nye dzimenuxaxa ko ɖem mele ɖe Yehowa ŋkume. 16 Mègabu dɔlanyɔnu ̃ɖi o. Nye xaxawo tae mele gbe dom ɖa le afi sia le nuxaxa blibo me."

17 Eli gblɔ be, "Heyi le ŋutifafa me eye Israel ƒe Mawu la nana nu si nèbiae la !"

18 Hana gblɔ be, "Na dɔla nakpɔ amenuveve le gbɔwò." Ale wòlé eƒe tsɔ eye wòdi nane ɖu, ale be megato mo azɔ o.

19 Ƒome blibo la ŋdi kanya heyi ɖasubɔ Yehowa le Agbadɔ la me eye wotrɔ yi woƒe aƒe me le Rama. Elkana srɔ̃a Hana gbɔ eye Yehowa ɖo ŋku Hana dzi. 20 Ale le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Hana fu, dzi viŋutsu eye wòna ŋkɔe be Samuel elabena egblɔ be, "Yehowa si mee mebiae le."

Hana tsɔ Samuel na Mawu

21 Esi ƒe trɔ la, Elkana kple eƒe ƒometɔwo katã gawɔ mɔzɔzɔ si wowɔna ƒe sia ƒe heyi ɖe Yehowa ƒe Agbadɔ la me be wòaxe eƒe adzɔgbeɖefe. 22 Ke Hana meyi o. Egblɔ na srɔ̃a be, "Malala va se ɖe esime ɖevi la dzudzɔ nonono ekema makplɔe ayi na Yehowa eye wòanɔ afi ma ɖaa."

23 Elkana ̃ ɖe edzi hegblɔ be, "Enyo; nu sia nu si nèkpɔ be edze. Woawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu."

Ale Hana aƒe me va se ɖe esime Samuel dzudzɔ nonono. 24 Esi wòtso no na ɖevia la, ekplɔ ɖevi la, togbɔ be metsi o la, etsɔ nyitsu si ƒe etɔ̃, lita blaeve-vɔ-eve kple wainlãgbalẽgolo ɖeka kpe ɖe eŋuti eye wòkplɔe va Yehowa ƒe aƒe me le Silo. 25 Le vɔsa la megbe la, wokplɔ ɖevi la yi Eli gbɔ. 26 Hana bia Eli be, "Nye aƒetɔ, èɖo ŋku dzinyea? Nyee nye nyɔnu si tsi tsitre ɖe afi sia ɣe aɖe ɣi henɔ gbe dom ɖa na Yehowa. 27 Meɖe kuku be wòana ɖevi siam eye wòna nu si mebiae lam. 28 Eya ta mele ɖevi la tsɔm na Yehowa azɔ le eƒe agbemeŋkekewo katã me." Ale Hana gblẽ ɖevia ɖe afi ma le Agbadɔ la me na Yehowa.

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-