20 Aƒetɔ Yesu Kristo kpɔna hã be Mawu ƒe ŋugbedodo ɖe sia ɖe va eme pɛpɛpɛ. Ne ŋugbedodoawo wu akpe nanewo hã la, wovaa eme, eye miegblɔa "Amen" to Kristo dzi hena Mawu ƒe kafukafu. 21 Medi be wòanɔ susu me na mi be Mawue wɔ mí kple miawo hã bena míezu kristotɔ vavãwo eye wòtia mí abe eƒe apostolowo ene be míaɖe gbeƒã nyanyui la. 22 Eya ame si de dzesi mí abe viawo ene eye wòtsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de míaƒe dziwo me abe kpeɖodzi be míenye etɔwo vavã la ene.