4 Menye amegbetɔwo ƒe aʋawɔnuwo míezãna o, ke boŋ Mawu ƒe ŋusẽ si tri akɔ wu nu sia nu lae míetsɔna ɖua Abosam ƒe ŋusẽwo katã dzi. 5 Míetsɔa Mawu ƒe ŋusẽ sia ɖua nya vlo siwo katã amegbetɔwo gblɔna ɖe Mawu ŋuti la dzi, eye eyae míetsɔna gbãa nugɔmemasemase ƒe gli si wòtu ƒo xlã amewo be woagadze si Mawu o. Eye to ŋusẽ sia me la, míeléa ame si dze aglã ɖe Mawu ŋuti la kluvii be wòatrɔ gbɔ va Mawu gbɔ, eye míetrɔa eƒe susuwo be wòaɖo to Kristo.
Publicidade
Publicidade