Pular para o conteúdo
Publicidade

Korintotɔwo 2 4

7 Ke kesinɔnu sia le mía si le anyigoewo me, be wòaɖee fia be ŋusẽ triakɔ sia metso mía gbɔ o, ke boŋ Mawu gbɔ wòtso. 8 Womimi ɖo le go sia go me gake womegbã o, míetɔtɔ gake dzi meɖe le míaƒo o, 9 woti mía yome, gake Mawu megble ɖi o, woƒo ƒu anyi, gake wometsrɔ̃ o. 10 Yesu ƒe ku le míaƒe ŋutilã me míele yiyimee gbe sia gbe, be woaɖe Yesu ƒe agbe ɖe go le míaƒe ŋutilã me. 11 Elabena wotsɔ ame siwo le agbe la de asi na ku gbe sia gbe le Yesu ta, be woaɖe eƒe agbe ɖe go le míaƒe ŋutilã si le kuku ge la me.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também