14 Menye mía ŋutɔwo ƒe viɖekpɔkpɔ ta míele nu sia nu si wɔm míele la wɔm ɖo o; míele ewɔm, elabena Kristo ƒe lɔlɔ̃ le mía kplɔm. Esi míexɔe se be Aƒetɔ Yesu Kristo ku ɖe mí katã ta la, ele be míawo hã míaxɔe se be míeku na agbe xoxo siwo míenɔna tsã la. 15 Nu vevitɔ si ta Kristo ku ɖe amewo katã ta lae nye be mí ame siwo le agbe fifia eye míekpɔ gome le Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana si nye agbe mavɔ la me la, míaganɔ agbe na mía ɖokuiwo alo awɔ nu si dze mía ŋu o. Ele be míanɔ agbe na Kristo ɖeka ko, ame si ku, ke Fofo la fɔe ɖe tsitre la eye míawɔ nu si nye eƒe lɔlɔ̃nu ko.
Publicidade