6 Ke medi be esia nanɔ nyanya me na mi be, ame si ana nu sue aɖe la, nu si wòakpɔ ɖe eteƒe anɔ sue. Agbledela si ƒã nuku sue aɖe ko la, xaa nuku sue aɖe ko le nuxaɣi, gake nenye be wòƒã nuku sɔgbɔ la, axa nuku fũu le nuxaɣi. 7 Ale si sinu ame aɖe di be yeana ko la nenae; migazi ame aɖeke dzi be nena wu ale si wòate ŋui o, elabena Mawu lɔ̃a ame siwo naa nu kple dzi faa la.