Pular para o conteúdo
Publicidade

Kronika 2 20:3,4,15,17,22

3 Nya sia na vɔvɔ̃ ɖo Yehosafat ale gbegbe be, wòɖo ta me be yeabia Yehowa ne wòakpe ɖe ye ŋu eya ta wòɖe gbeƒã bena, Yudatɔwo katã natsi nu adɔ ɣeyiɣi aɖe, aɖe asi le woƒe nu vɔ̃wo ŋu eye woado gbe ɖa na Mawu. 4 Amewo tso Yuda ƒe akpa ɖe sia ɖe eye wowɔ ɖeka kple Yehosafat heɖe kuku na Yehowa.

15 Yahaziel gblɔ be, "Miɖo tom, mi ame siwo katã tso Yuda kple Yerusalem kple wò, Fia Yehosafat. Yehowa be, ‘Migavɔ̃ o! Migana aʋakɔ gã sia nana dzidzi naƒo mi o elabena aʋa la menye mia tɔe o ke boŋ Mawu tɔe! 17 Ke mahiã be miawɔ aʋa kura o! Miyi ɖanɔ miaƒe teƒewo ko ne miakpɔ ale si Mawu aɖe mi nukutɔe la ɖa. Oo Yuda kple Yerusalem ƒe amewo! Migavɔ̃ o eye migabu dzideƒo hã o! Miawo miyi afi ma etsɔ ko elabena Yehowa li kpli mi!’ "

22 Esi wode asi kafukafuha la dzidzime ko la, Yehowa na Amon ƒe viwo kple Moab ƒe viwo kple Seir ƒe to la ƒe aʋakɔwo de asi aʋawɔwɔ me kple wo nɔewo eye wowu wo ŋutɔwo ƒe amewo!

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.