Pular para o conteúdo
Publicidade

Kronika 2 22

Yuda fia, Ahazia

1 Yerusalem nɔlawo tsɔ Ahazia, Yehoram ƒe viŋutsu suetɔ ɖo fiae ɖe fofoa teƒe elabena adzoha aɖewo va kple Arabiatɔwo, woge ɖe woƒe aʋasaɖa me eye wowu Via ŋutsu tsitsitɔwo katã. Ale Ahazia, Yuda fia, Yehoram ƒe viŋutsu dze fiaɖuɖu gɔme. 2 Ahazia ƒe blaeve-vɔ-eve esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe ɖeka le Yerusalem. Dadae nye Atalia, ame si nye Omri ƒe tɔgbuiyɔvi. 3 Ahazia nye fia ̃ɖi aɖe abe Ahab ene elabena dadaa do ŋusẽe be wòanɔ nu ̃ wɔwɔ dzi. 4 Enye fia ̃ɖi aɖe abe Ahab ene elabena Ahab ƒe ƒometɔwo zu eƒe aɖaŋuɖolawo le fofoa ƒe ku megbe eye woblee de gbegblẽ me.

5 Ahazia ɖe woƒe aɖaŋu ̃ nu eye wòwɔ ɖeka kple Yoram, Israel fia Ahab ƒe vi, hekpe aʋa kpli Aram fia Hazael le Ramot Gilead. Aramtɔwo de abi Yoram ŋu le aʋa sia me. 6 Eya ta egbɔ va Yezreel be yeagbɔ ɖe eme, eye yeakpɔ egbɔ be woda gbe le abi siwo wode eŋu le Ramot, esime wòwɔ aʋa kple Aram fia Hazael la ŋu. Ke Ahazia si nye Yuda fia Yehoram ƒe vi, yi Yezerel be yeakpɔ Ahab vi Yoram ɖa ɖe eƒe abixɔxɔ ta. 7 Nu sia trɔ zu vodada aɖe wòwɔ, elabena Mawu ɖo be yeahe to na Ahazia le eƒe ɖekawɔwɔ kple Yoram ta. Ɣeyiɣi sia mee Ahazia kple Yehoram kpe ɖe Yehu, Nimsi ƒe vi, ŋu le esime wònye Yehue Yehowa ɖo ɖa be, wòatsi Ahab ƒe viwo ƒe fiaɖuɖu nu.

8 Esime Yehu Ahab ƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo wum la, edo go Ahazia ƒe viŋutsuwo, ame siwo nye Yuda ƒe fiaviŋutsuwo eye wòwu wo. 9 Esi Yehu kple eƒe amewo Ahazia dim la, wokpɔe wòbe ɖe Samaria du me, wolée yi na Yehu eye wòwui. Woɖi Ahazia abe fia ene elabena Fia Yehosafat, ame si subɔ Yehowa kple dzi blibo la ƒe tɔgbuiyɔvie.

Atalia kple Yoas

Ahazia ƒe vi Yoas koe tsi agbe aɖu fia ɖe eteƒe; 10 Esi Atalia, Ahazia dada kpɔ be ye viŋutsu ku la, eɖawu fia la ƒe ƒometɔwo katã, ame siwo Yuda ƒe aƒe la me. 11 Ke Yehoseba fia, Yehoram ƒe vinyɔnu kplɔ Yoas, Ahazia ƒe viŋutsu eye wòkplɔe sii le fiaviŋutsuwo, ame siwo wogbɔna wuwu ge la dome eye wòtsɔ eya kple edzikpɔla ɣla ɖe me. Yehoseba, fia Yehoram ƒe vinyɔnu kple nunɔla Yehoiada srɔ̃, ame si nye Ahazia nɔvinyɔnu la ɣla ɖevi la ɖe Atalia be mate ŋu akpɔe awu o. 12 Yoas bebeƒe kpli wo le Mawu ƒe gbedoxɔ la me ƒe ade sɔŋ, esime Atalia anyigba la dzi ɖum.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também