Pular para o conteúdo
Publicidade

Kronika 2 4

Gbedoxɔ la ŋunuwo kple emenuwo

1 Fia Solomo akɔblivɔsamlekpui aɖe; edidi mita asieke, keke mita asieke eye wòkɔ mita ene kple afã. 2 Etsɔ gayibɔ gazɔ si le nogo, eƒe ta ƒe kekeme anɔ mita eve kple afã kpe ɖo, gazɔ la ƒe kɔkɔme anɔ mita ɖeka kple afã. Ne wodzidze la ƒe kekeme blibo la, anɔ mita wuietɔ̃ kple afã. 3 Wowɔ nyitsu siwo ƒe lolome anɔ mita afã la, ɖe la te. Wowɔ nyitsuawo ɖe fli eve me eye fliawo tsyia ɖe wo nɔewo nu, abe gazɔ la ke ene. 4 Wotsɔ la da ɖe nyitsu wuieve dzi. Etɔ̃ dze ŋgɔ anyiehe, etɔ̃ dze ŋgɔ ɣetoɖoƒe, etɔ̃ dze ŋgɔ dziehe eye etɔ̃ dze ŋgɔ ɣedzeƒe. Wotsɔ la da ɖe wo tame eye la ƒe afɔwo le woƒe titina. 5 la tri sentimita enyi, eƒe to le abe tsinokplu ene eye wowɔe abe ale si dzogbenya ƒe seƒoƒo le ene. Exɔa tsi kilolita blaade-vɔ-ade.

6 Solomo gawɔ gagba ewo da ɖi be woaklɔ numevɔsanuwo ɖe wo me; atɔ̃ le dziehe gome eye atɔ̃ le dziehe gome na gazɔ la. Nunɔlawo mewɔa gagbawo ŋudɔ le tsilele me o, ke boŋ wowɔa gazɔ la ŋu . 7 Solomo Mawu ƒe ɖoɖowo dzi eye wòwɔ sikakaɖiti ewo da ɖe gbedoxɔ la me, atɔ̃ gli ŋu le dziehe gome eye atɔ̃ gli ŋu le anyiehe gome. 8 Ewɔ kplɔ̃ ewo ; eda atɔ̃ ɖe gli ŋu le dziehe gome, atɔ̃ gli ŋu le anyiehe gome eye wòwɔ sikatre ewo . 9 Ewɔ xɔxɔnu ɖeka na nunɔlawo, bubu na ame mamlɛawo eye wòfa akɔbli ɖe xɔxɔnu sia ƒe gliwo ŋu. 10 Gazɔ la gbedoxɔ la ƒe gotaxɔwo ƒe dzogoe si dziehe kple ɣedzeƒe dome.

11 Huram gawɔ zewo, sofiwo kple tre siwo ŋudɔ woawɔ le vɔsasa me.

Ale wòwu si Fia Solomo de asi le Mawu ƒe gbedoxɔ la ŋu nu.

12 siawoe nye sɔti eveawo tutu;

tameɖonu ɖeka ɖeka na sɔti eveawo;

wotsi kɔsɔkɔsɔ eve ɖe tameɖonu nogoawo ŋu le sɔtiawo tame,

13 yevuboɖa alafa ene (400) le agbaka eve me le gaɖɔ ɖeka ŋu ne woxe ta mligo eve siwo le sɔtiawo tame la ŋu.

14 Gagbawo kple woƒe zɔwo,

15 gazɔ ɖeka kple nyitsu wuieve siwo le ete;

16 zewo, sofiwo kple gaflowo.

Huram Abi, aɖaŋutɔ la nu siawo katã kple akɔbli si woƒo la na Fia Solomo hena Yehowa ƒe gbedoxɔ la. 17 Fia la na wololõ ga la ɖe nu si wowɔ ɖe nuawo ƒe nɔnɔme me le Yɔdan tɔsisi la ƒe balime le Sukɔt kple Zereda dome. 18 Akɔbli siwo ŋu Solomo la gbɔ ale gbegbe be, womete ŋu dae o.

19 Solomo na wotsɔ sika nyuitɔ Mawu ƒe gbedoxɔ la me nuwo katã.

Nu siawoe nye: vɔsamlekpui

kple kplɔ̃ siwo dzi wodaa Ŋkumeɖobolo ɖo.

20 Etsɔ sika nyuitɔ akaɖitiawo kple woƒe akaɖiawoe be woanɔ bibim le Kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒe la ŋgɔ abe ale si woɖoe da ɖi ene.

21 Wotsɔ sika seƒoƒowo eye wotsɔ sika nyuitɔ akaɖiawo kple ɖovulãnuwo.

22 Wotsɔ sika nyuitɔ akaɖimeɖovulãnuwo, ʋuhlẽgbawo, nuɖugbawo kple dzudzɔdonuwo eye wotsɔ sika gbedoxɔ la ƒe ʋɔtruwo, ʋɔtru emetɔ si le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la nu kple ʋɔtru siwo le akpata la nu.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também