Pular para o conteúdo
Publicidade

2 Reis 5

Elisa da gbe le anyidzela Naaman ŋu

1 Azɔ la Naaman nye Aram fia ƒe aʋakplɔla. Ede ŋgɔ eye bubu eŋu le eƒe aƒetɔ gbɔ elabena eya dzie Yehowa to ɖu dzi geɖe na Aram. Enye asrafo kalẽtɔ aɖe gake enɔ kpodɔ lém.

2 Adzoha aɖewo tso Aram va da adzo le Israelnyigba dzi eye nyɔnuvi sue aɖe le ame siwo wolé la dome. Nyɔnuvi sia zu Naaman srɔ̃ ƒe subɔla. 3 Azɔ la, nyɔnuvi la gblɔ na eƒe aƒenɔ be, "Ne nye aƒetɔ, ɖe wòakpɔ nyagblɔɖila si le Samaria la, anyo ŋutɔ! Ada gbe le eƒe anyidɔ la ŋu ."

4 Naaman yi eƒe aƒetɔ gbɔ eye wògblɔ nya si nyɔnuvi si tso Israel gblɔ la . 5 Aram fia ɖo eŋu be, "Ele vevie be nàyi; maɖo agbalẽ ɖe Israel fia." Ale Naaman dze ; etsɔ klosaloga kilogram alafa etɔ̃ blaene ɖe asi kpe ɖe sikaga kilogram blaadre ŋuti kple awudodo ewo. 6 Agbalẽ si woŋlɔ na Israel fia la me nyawoe nye:

"Mele agbalẽ sia ɖom ɖe to nye dɔla Naaman dzi be nàda gbe le eƒe anyidɔ la ŋu ."

7 Esi Israel fia xlẽ agbalẽa me nyawo teti ko la, edze eƒe awuwo eye wògblɔ be, "Mawue menyea? Ɖe mate ŋu awu ame agagbɔ agbeea? Nu ka ŋuti ame sia ame aɖe ɖe gbɔnye be mada gbe le eƒe anyidɔ ŋu? Mikpɔ ale si wòle agbagba dzem be yeagawɔ dzre kplim la ɖa!"

8 Ke esi Mawu ƒe ame, Elisa se be Israel fia dze awu le eɖokui ŋuti la, eɖo du ɖee be, "Nu kae te ɖe dziwò ale gbegbe be nèdze awuwo? Ɖo Naaman ɖe gbɔnye ekema anya be nyagblɔɖila aɖe le Israel." 9 Ale Naaman kple eƒe sɔwo kple tasiaɖamwo va ɖe Elisa ƒe aƒe ƒe agbonu. 10 Elisa ɖo dɔla aɖe ɖa be wòagblɔ na Naaman be, "Yi nàdo ɖi ɖe Yɔdan me zi adre, ekema ŋutigbalẽ aɖɔ ɖo eye nàkpɔ dɔyɔyɔ."

11 Ke Naaman trɔ dzo kple dziku hegblɔ be, "Nye ya mesusui be godoo la, ado ɖe ŋutinye, atɔ ɖe gbɔnye ayɔ Yehowa eƒe Mawu la ƒe ŋkɔ, alili asi anyiteƒeawo, ayɔ nye anyidɔ la hafi. 12 Ɖe Abana kple Farpar, Damasko tɔsisiwo menyo wu tsi siwo katã le Israel oa? Ɖe nyemate ŋu ale tsi le wo me akpɔ dɔyɔyɔ oa?" Ale wòtrɔ dzo kple dziku.

13 Naaman ƒe dɔlawo yi egbɔ eye wogblɔ be, "Fofonye, nenye ɖe nyagblɔɖila la gblɔ na be nàwɔ nu sesẽ aɖe la, màwɔe oa? Kaka wòhenye be wògblɔ na be, Yi nàle tsi eye ŋuti nakɔ!’ " 14 Ale Naaman yi Yɔdan tɔsisi la me eye wòdo ɖi ɖe tɔsisi la me zi adre abe ale si Mawu ƒe ame la bia tso esi be wòawɔ ene. Eƒe ŋuti zrɔ̃ hekɔ enumake abe ŋutsuvi sue aɖe ene.

Veja também