Publicidade

2 Samuel 7

Mawu ƒe ŋugbedodo na David

1 Azɔ la, esime fia la li ke ɖe eƒe fiasã me eye Yehowa na gbɔɖemee tso eƒe futɔ siwo katã ƒo xlãe ƒe asi me la, 2 David gblɔ na Nyagblɔɖila Natan be, "Kpɔ ɖa! Nye ya mele sedatifiasã nyui sia me le esime Mawu ƒe nubablaɖaka la le agbadɔ me."

3 Natan ɖo eŋu be, "nu si nèɖo be yeawɔ elabena Yehowa li kpli ."

4 Ke Yehowa gblɔ na Natan le ma me be,

5 "Yi nàgblɔ na nye dɔla David be, Ale Yehowa gblɔe nye esi: Ɖe wòle be nàtu nam manɔ emea? 6 Nyemenɔ aɖeke me kpɔ o, tso esime mekplɔ mi Israelviwo tso Egipte la, agbadɔ me koe nye nye nɔƒe. 7 Afi sia afi si meɖe kple Israelviwo yi la, ɖe megblɔ na woƒe kplɔla siwo mede se na be woakplɔ nye dukɔ la dometɔ aɖe kpɔ be, "Nu ka ŋutie mietu sedatixɔ nam o mahã?" 

8 "Azɔ la, gblɔ na nye dɔla David be, Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la le gbɔgblɔm na be; meɖe le alẽkplɔdɔ nu eye meɖo fiae ɖe nye dukɔ Israel dzi. 9 Menɔ kpli le afi sia afi si nède eye metsrɔ̃ futɔwo. Mana ŋkɔ nagade dzi wu ale si wòle fifia ale be nànye ame xɔŋkɔtɔwo dometɔ ɖeka le xexea me! 10 Mana teƒe aɖe nye amewo, Israel. Maɖo teƒe na wo ɖe afi ma ale be aƒe nanɔ woawo ŋutɔ si eye ame aɖeke magaɖe fu na wo o. Ame ̃ɖiwo magate wo ɖe anyi azɔ abe ale si wowɔ le gɔmedzedzea ene 11 alo abe ale si wowɔ tso esime meɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe nye dukɔ, Israel dzi ene o. Mana miavo tso miaƒe futɔwo ƒe asi me azɔ.

" Yehowa ɖe gbeƒã na be, Yehowa ŋutɔ aɖo aƒe aɖe gɔme anyi na . 12 Ne ɣeyiɣi de le anyigba sia dzi eye nèku la, matsɔ viwò si nye ŋutɔ ŋutilã kple ʋu, aɖo fiazikpui la dzi eye mana eƒe fiaɖuƒe nakpɔ ŋusẽ. 13 Eyae anye ame si atu gbedoxɔ nam eye mana eƒe fiaɖuƒe nanɔ anyi ɖaa. 14 Manye fofo eye eya anye vi nam. Ne ewɔ nu ̃ la, mawɔ dukɔ bubuwo ŋu atsɔ ahe to , 15 ke nye lɔlɔ̃ maɖe ɖa le edzi abe ale si meɖee ɖa le Saul, ame si ɖu fia do ŋgɔ na la dzi ene o. 16 aƒe kple fiaɖuƒe anɔ anyi tegbee le ŋkunye me, eye fiazikpui ali ke tegbee.’ "

17 Ale Natan gblɔ nya sia nya si Yehowa gblɔ la na David.

David ƒe gbedodoɖa

18 Ale Fia David ɖanɔ anyi ɖe Yehowa ŋkume eye wòdo gbe ɖa be,

"Oo, Aƒetɔ Yehowa, ame kae menye eye nu kae nye nye ƒome be nètsɔ nu siawo katã nam? 19 Abe esia ɖe mesɔ gbɔ le ŋkume o ene la, Oo Aƒetɔ Yehowa, ègaƒo nu tso nu si dɔla ƒe aƒe ava nye le etsɔ me la ŋuti. Oo Aƒetɔ Yehowa, alea koe nènɔna kple amewoa?

20 "Nya kae gale David si wòagblɔ na ? Elabena, Oo Aƒetɔ Yehowa, ènya dɔla. 21 Le nya la ta kple lɔlɔ̃nu me, nèwɔ nu sia eye nèna dɔla nya.

22 "Oo Aƒetɔ Yehowa, èlolo loo! Ame aɖeke mele abe ene o eye mawu bubu aɖeke meli o, negbe , Mawu ko, abe ale si míesee kple míaƒe towo ene. 23 Azɔ la, dukɔ kae le abe dukɔ, Israel ene, dukɔ ɖeka si le anyigba dzi, esi ƒe Mawu ɖaɖe dukɔ ma na eɖokui? Eye wòwɔ ŋkɔ na eɖokui to nukunu gãwo kple ŋɔdzinu dzɔatsuwo wɔwɔ me eye nènya dukɔwo kpe woƒe mawuwo le dukɔ si nèɖe tso Egipte la ŋgɔ. 24 Èɖo dukɔ, Israel te be woanye tɔwòwo koŋ tegbee eye Yehowa nèva zu woƒe Mawu.

25 "Azɔ la, Yehowa Mawu, ŋugbe si nèdo na dɔla kple eƒe aƒe la ɖe asi tegbee. abe ale si nèdo ŋugbee ene, 26 ale be ŋkɔ nanye tegbee. Ekema amewo agblɔ be, Yehowa Ŋusẽkatãtɔ enye Mawu ɖe Israel dzi!Ale woaɖo dɔla, David ƒe aƒe anyi ɖe ŋkuwòme tegbee.

27 "Oo Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, èɖe esia fia dɔla be, Matu na .Eya ta dzi ɖo dɔla ƒo wòle gbe sia dom ɖa na . 28 Oo, Aƒetɔ Yehowa, Mawue nènye! nyawo le eteƒe eye nètsɔ nu nyui siawo do ŋugbee na dɔla. 29 Azɔ la, nedze ŋuwò be nàyra dɔla ƒe aƒe be wòanɔ anyi ɖaa le ŋkuwòme, elabena , Oo Aƒetɔ Yehowae ƒo nu eye dɔla ƒe aƒe axɔ yayra to yayra me tegbee."

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-