Kristo ƒe vava zi evelia kple eƒe dzesiwo
1 Le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vava kple ale si míaƒo ƒu ɖe egbɔ ŋuti la, míele biabiam tso mia si, nɔviwo, be 2 migana woatɔtɔ miaƒe susuwo bɔbɔe alo ado dzikatsoameƒo na mi kple nyagblɔɖiwo, nutsotsowo alo kple agbalẽ aɖe si wogblɔ be etso mía gbɔ hele gbɔgblɔm be Aƒetɔ la ƒe vavagbe la va yi xoxo o. 3 Migana woatɔtɔ miaƒe susuwo, eye woable mi o; migaxɔ nu sia nu si wogblɔ la dzi se o, elabena ŋkeke ma mava o, va se ɖe esime aglãdzedze ava eye woaɖe ame sedzimawɔla la ɖe go, ame si woɖo ɖi na tsɔtsrɔ̃. 4 Atsi tsitre ɖe mawu bubuwo ŋu, eye ayi aɖagbã nu siwo katã amewo subɔna la kple afi si wosubɔa wo le la gudugudu. Ayi aɖanɔ Mawu ƒe gbedoxɔ me abe Mawu ene, eye wòable amewo be yee nye Mawu.