Alẽvi la kple ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene
1 Kasia mekpɔ Alẽvi la le ŋkunyeme. Enɔ tsitre ɖe Zion to la dzi, eye ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene (144,000), ame siwo ƒe ŋgowo nu woŋlɔ eŋkɔ kple Fofoa tɔ ɖo la nɔ tsitre ɖe egbɔ. 2 Mese gbe aɖe tso dziƒo abe tsi geɖewo ƒe hoowɔwɔ alo dzi ƒe gbeɖeɖe ene. Gbe si mese la nɔ abe kasaŋkuƒolawoe nɔ woƒe kasaŋkuwo ƒom ene. 3 Tete wodzi ha yeye le fiazikpui la ŋgɔ kple nu gbagbe eneawo kpakple amegãxoxoawo ƒe ŋkume. Ame aɖeke mete ŋu srɔ̃ ha la o, negbe ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene (144,000), ame siwo woɖe tso anyigba dzi la ko. 4 Ame siawoe nye ame siwo meƒo ɖi wo ɖokuiwo kple nyɔnunya o, elabena wowɔ wo ɖokuiwo kɔkɔe. Wokplɔa Alẽvi la ɖo yia afi sia afi si wòyina la. Woƒle wo tso amegbetɔwo dome, eye wotsɔ wo na Mawu kple Alẽvi la abe nukuwo ƒe gbãtɔwo ene. 5 Womekpɔ alakpa aɖeke le woƒe nu me o, elabena wonye mokakamanɔŋutɔwo.