Dziƒonɔlawo dzi haleluya
1 Le esia megbe la, mese nane si ɖi abe ameha gã aɖee le ɣli dom le dziƒo ene be,
"Haleluya!
Ɖeɖe kple ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ nye míaƒe Mawu la tɔ,
2 elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo nye nyateƒe, eye wole dzɔdzɔe.
Ebu fɔ gbolo gã la,
ame si do gu anyigba to eƒe ahasiwɔwɔwo me.
Ebia hlɔ̃ ɖe eƒe dɔlawo ƒe ʋu ta."
3 Wogado ɣli ake be,
"Haleluya!
Eƒe dzotɔtɔ ƒe dzudzɔ le tutum le dziƒo yim tso mavɔ me yi mavɔ me."