11 Mekpɔ dziƒo nu le ʋuʋu ɖi, eye ame aɖe si le sɔ ɣi aɖe dzi la le nye ŋkume. Sɔdola la ƒe ŋkɔe nye Nuteƒewɔla kple Nyateƒetɔ. Edrɔ̃a ʋɔnu, eye wòwɔa aʋa le dzɔdzɔenyenye me. 12 Eƒe ŋkuwo le abe dzoka xɔxɔwo ene, eye fiakuku geɖewo nɔ eƒe ta. Woŋlɔ ŋkɔ aɖe ɖe eŋuti, esi ame aɖeke menya o, negbe eya ŋutɔ ko. 13 Edo awu ʋlaya si wonyrɔ ɖe ʋu me la, eye eƒe ŋkɔe nye Mawu ƒe Nya. 14 Dziƒoʋakɔwo nɔ eyome. Wonɔ sɔ ɣiwo dom, eye wodo awu siwo wotɔ kple aklala biɖibiɖi, wofu tititi la, eye wo ŋuti kɔ. 15 Yi ɖaɖɛ aɖe do tso eƒe nu me, esi wòatsɔ adza dukɔwo akɔ ɖi; atsɔ gatikplɔ akplɔ wo. Efia wain le wainfiaƒe kple Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dziku helĩhelĩ. 16 Woŋlɔ ŋkɔ sia ɖe eƒe awu ʋlaya kple eƒe ata ŋu be,
Fiawo ƒe Fia kple Aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ.