Publicidade

Apocalipse 6

Nutrenuawo

1 Mekpɔ Alẽvi la wòʋu nutrenu adreawo ƒe gbãtɔ. Emegbe la, mese nu gbagbe eneawo dometɔ ɖeka gblɔ kple gbe si le abe dziɖegbe ene la be, "Va!" 2 Mekpɔ ɣi aɖe le ŋgɔnye! Sɔdola la dati ɖe asi, eye wotsɔ fiakuku , eye wòdo la do go dzo abe kalẽtɔ si ɖoe kplikpaa be yeaɖu dzi la ene.

3 Alẽvi la ɖe nutrenu evelia ɖa, eye wòʋu agbalẽ evelia . Mese nu gbagbe evelia wògblɔ be, "Va!" 4 Tete bubu do go va; ebiã, eye adã le mo . Wona ŋusẽ edola be wòaɖe ŋutifafa ɖa le anyigba dzi, eye wòana amewo nawu wo nɔewo. Ale wotsɔ yi aɖe de asi .

5 Esi Alẽvi la ɖe nutrenu etɔ̃lia ɖa la, mese nu gbagbe etɔ̃lia wògblɔ be, "Va!" Eye mekpɔ yibɔ aɖe. Edola nudanu ɖe asi. 6 Mese nane si ɖi ame ƒe gbe le nu gbagbe eneawo dome la le gbɔgblɔm be, "Bli agba ɖeka axɔ apaɖila ƒe ŋkeke ɖeka ƒe fetu, eye lu agba etɔ̃ anye apaɖila ƒe ŋkeke ɖeka ƒe fetu. Mikpɔ egbɔ be miegblẽ ami kple wain dome o!"

7 Esi Alẽvi la ɖe nutrenu enelia ɖa la, mese nu gbagbe enelia wògblɔ be, "Va!" 8 Mekpɔ si ɖi ku ŋutɔ la le ŋkunyeme! Edola ŋkɔe nye Ku, eye Tsiẽƒe le eyome kplikplikpli. Wona ŋusẽ wo ɖe anyigba ƒe mama enelia ƒe ɖeka dzi, be woawu amewo kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ kpakple wɔadã siwo le anyigba dzi la.

9 Esi Alẽvi la ɖe nutrenu atɔ̃lia ɖa la, mekpɔ vɔsamlekpui aɖe. Le vɔsamlekpui la te la, mekpɔ ame siwo katã wowu ɖe Mawu ƒe Nya la gbɔgblɔ kple ɖaseɖiɖi anukwaretɔe ta la ƒe luʋɔwo. 10 Wodo ɣli kple gbe sesẽ be, "Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ, kɔkɔetɔ kple dzɔdzɔetɔ, va se ɖe ɣe ka ɣi nàdrɔ̃ ʋɔnu anyigbadzitɔwo, eye nàbia hlɔ̃ ɖe míaƒe ʋu ta?" 11 Tete wotsɔ awu ʋlaya ɣi na wo dometɔ ɖe sia ɖe, eye wogblɔ na wo bena woalala vie va se ɖe esime woƒe hadɔlawo kple wo nɔvi siwo wole wuwu ge abe woawo ke ene la ƒe xexlẽme nu nade.

12 Mekpɔ Alẽvi la wòɖe nutrenu adelia ɖa. Enumake anyigba ʋuʋu sesĩe. Ɣe ƒe keklẽ trɔ zu yibɔɔ abe avɔ si wolɔ̃ kple gbɔ̃fu yibɔ la ene. Nenema ke ɣleti biã dzẽe abe ʋu ene, 13 eye ɣletivi siwo le dziƒo la ge va dze anyigba abe ale si gbotsetse siwo tsi megbe la dudunae ne ya sesẽ aɖe ʋuʋu ati la ene. 14 Dziŋgɔli gbugbɔ yi megbe abe lãgbalẽ si woŋlɔ ene, eye to ɖe sia ɖe kple ƒukpo ɖe sia ɖe te ɖa le wo nɔƒe.

15 Tete anyigbadzifiawo, bubumewo, aʋafiawo, hotsuitɔwo, kalẽtɔwo kple kluvi ɖe sia ɖe kple ablɔɖevi ɖe sia ɖe yi ɖaɣla wo ɖokuiwo ɖe agadowo me kple agakpewo dome. 16 Wogblɔ na towo kple agakpewo be, "Mimu dze mía dzi ne miaɣla ɖa tso ame si fiazikpui la dzi la ƒe ŋkume kple Alẽvi la ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la gbɔ, 17 elabena woƒe dɔmedzoeŋkeke la ɖo . Ame kae ate ŋu anɔ te ɖe enu?"

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-