Pular para o conteúdo
Publicidade

Nyaɖeɖefia 7

Wotre ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene nu

1 Le esia megbe la, mekpɔ mawudɔla ene wole tsitre ɖe anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, eye wona be ya eneawo magaƒo ato anyigba, atsiaƒu alo ati aɖeke dzi o. 2 Tete mekpɔ mawudɔla bubu tso ɣedzeƒe gbɔna, eye wòlé Mawu gbagbe la ƒe nutrenu ɖe asi. Eyɔ mawudɔla ene, ame siwo wona ŋusẽe be woawɔ nu vevi anyigba kple atsiaƒu la kple gbe sesẽ be, 3 "Mègawɔ nu vevi aɖeke anyigba, atsiaƒu loo alo atiwo o, va se ɖe esime míatsɔ nutrenu aɖo ŋgonu na míaƒe Mawu la ƒe dɔlawo." 4 Emegbe la, mekpɔ ame siwo wotsɔ nutrenu ɖo ŋgonu na la ƒe xexlẽme. Wole ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene (144,000) eye wo katã wotso Israel ƒe toawo me.

5 Wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Yuda ƒe to la me,

wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Ruben ƒe to la me,

wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Gad ƒe to la me,

6 wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Aser ƒe to la me,

wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Naftali ƒe to la me,

wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Manase ƒe to la me,

7 wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Simeon ƒe to la me,

wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Levi ƒe to la me,

wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Isaka ƒe to la me,

8 wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Zebulon ƒe to la me,

wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Yosef ƒe to la me,

wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Benyamin ƒe to la me.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também