Pular para o conteúdo
Publicidade

Atos 2

41 Ame siwo Petro ƒe nyawo dzi se la, woanɔ abe akpe etɔ̃ ene, eye wode mawutsi ta na wo gbe ma gbe ke, eye wotsɔ wo kpe ɖe ha la ŋu.

Yerusalem hame la

42 Ame siawo kpena enuenu hena apostolowo ƒe nufiafia, habɔbɔ, Aƒetɔ ƒe nuɖuɖu kɔkɔe la ɖuɖu kple gbedodoɖa. 43 Wo dometɔ ɖe sia ɖe anyi le vɔvɔ̃ tɔxɛ me, eye apostoloawo nukunu kple dzesi geɖewo wokpɔ. 44 Xɔsetɔwo katã teƒe ɖeka, wowɔ woƒe nuwo katã hamenui, 45 wotsɔ woƒe kesinɔnuwo kple nunɔamesiwo dzra, eye woma ga la na ame sia ame ɖe eƒe hiahiã nu. 46 Wokpea ta ɖe gbedoxɔ la me gbe sia gbe hesubɔa Mawu. Wodoa go le wo nɔewo ƒe aƒewo me heɖua Aƒetɔ la ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔe la. Woɖua nu ɖekae le dzidzɔ kple dzimekɔkɔ me, 47 eye wonɔa Mawu kafum ɖaa, hekpɔa amenuveve le amewo katã gbɔ. Ke Aƒetɔ la tsɔa ame siwo kpɔ xɔxɔ la kpena ɖe wo ŋuti gbe sia gbe.

Veja também