Petro da gbe le tekunɔ aɖe ŋu
1 Gbe ɖeka le ɣetrɔ ga etɔ̃ me la, Petro kple Yohanes woyina gbedoxɔ la me be yewoado gbe ɖa abe ale si wowɔnɛ ɖaa ene. 2 Esi woɖo gbedoxɔ la gbɔ la, wokpɔ ŋutsu tekunɔ aɖe si wokɔ va da ɖe gbedoxɔ la ƒe agbo si woyɔna be, "Agbo Nyui" la nu. Amea nye tekunɔ tso eƒe dzɔdzɔme ke, eye gbe sia gbe la, wokɔnɛ va dana ɖe agbo sia nu be wòabia nu le ame siwo yina gbedoxɔ me la si. 3 Esi wòkpɔ Petro kple Yohanes woyina ɖe gbedoxɔa me la, edo ɣli bia wo be woana ga ye.
4 Petro kple Yohanes trɔ kpɔe dũu, eye Petro gblɔ nɛ be, "Fɔ ta dzi nàkpɔ míaƒe ŋkume."
5 Ke tekunɔ la fɔ ŋku ɖe wo dzi gãa henɔ mɔ kpɔm be woana nane ye. 6 Petro gblɔ nɛ be, "Nɔvi, klosalo kple sika mele asinye o, ke nu si le asinye lae mana wò. Le Yesu Kristo, Nazaretitɔ la ƒe ŋkɔ me, tsi tsitre nàzɔ azɔli."
7 Ale Petro do asi ɖa lé tekunɔ la ƒe alɔnu be wòatsi tsitre. Kasia tekunɔ la kpɔ be ŋusẽ ɖo yeƒe afɔ kple drikame ŋu. 8 Ale wòti kpo, tsi tsitre hede asi azɔlizɔzɔ me. Enɔ kpo tim, nɔ zɔzɔm alea henɔ Mawu kafum, eye wòdze Petro kple Yohanes yome ge ɖe gbedoxɔ la me.
9 Ame siwo katã kpɔ ame sia wònɔ zɔzɔm, nɔ Mawu kafum la 10 de dzesii be eyae nye ŋutsu ma si nɔa nu biam le gbedoxɔ la ƒe agbo si woyɔna be "Agbo Nyui" la nu; Woƒe nu ku, eye woƒe mo wɔ yaa le nu si dzɔ ɖe edzi la ta.