8 gake azɔ la, ɣeyiɣi la de na mi be miaɖe asi le nu siawo katã, siwo nye: dziku, dɔmedzoe, nu to vo wɔwɔ, busunya kple nya vlowo gbɔgblɔ ŋu.
9 Migaka aʋatso na mia nɔewo o; elabena mieɖe agbe xoxo la kple eƒe nuwɔnawo ɖa. 10 Azɔ la, miele agbe yeye nɔm, eye agbe yeye nɔnɔ sia na miele nu nyui wɔwɔ srɔ̃m gbe sia gbe le sidzedze me, be mianɔ ame si nye Wɔla la ƒe nɔnɔme me.