17 Mawu na nunya kple gɔmesese ɖekakpui ene siawo tso nuŋlɔɖi kple nunya ƒe alɔdze ɖe sia ɖe ŋu. Ke Daniel ya tea ŋu sea ŋutegawo kple drɔ̃e ɖe sia ɖe ƒomevi gɔme.
18 Le ɣeyiɣi si fia la ɖo be woakplɔ wo vɛ na ye ƒe nuwuwu la, aƒedzikpɔlawo ƒe amegã la kplɔ wo yi na Nebukadnezar. 19 Fia la ƒo nu kpli wo eye wòkpɔ be, ame bubuawo dometɔ aɖeke mede Daniel, Hananiya, Misael kple Azaria nu o, ale woxɔ wo wodze dɔwɔwɔ na fia la gɔme.