Publicidade

Deuteronômio 15

Se le Sabatƒe ŋuti

1 "Le ƒe adrelia ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu la, woate fli ɖe fe sia fe me. 2 Nudonamela ɖe sia ɖe aŋlɔ ɖe agbalẽ si Israelvi si nye nudola la na la dzi be, Eɖo nu sia nu teƒe pɛpɛpɛ,elabena Yehowa tsɔ nu sia nu ke ame sia ame. 3 Ke tsɔtsɔke sia melɔ amedzrowo ya ɖe eme o. 4 Nudonamela aɖeke maɖo ko le tsɔtsɔke sia ta o, elabena Yehowa miaƒe Mawu akɔ yayra geɖe ɖe mia dzi le anyigba si wòle mia nam la dzi, ne miewɔ eƒe sewo dzi. 5 Nu si hiã na eƒe yayra sia xɔxɔ koe nye miawɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe se siwo katã mele dedem na mi egbe la dzi pɛpɛpɛ. 6 Yehowa miaƒe Mawu ayra mi abe ale si wòdo ŋugbe ene. Miado ga na dukɔ geɖewo, gake mahiã gbeɖegbeɖe be miawo ya miado ga o! Miaɖu dukɔ geɖewo dzi, gake woawo ya maɖu mia dzi o!

7 "Ke ne mieva ɖo anyigba si Yehowa miaƒe Mawu ana mi dzi, eye ame dahe aɖewo le mia dome la, mele be miasẽ dzi me alo amia asiʋlome ɖe ame daheawo ŋu o. 8 Ele be miado nu sia nu si woahiã la na wo. 9 Mikpɔ nyuie! Migagbe gadodo na ame, elabena ƒe si me woate fli ɖe fewo me la gogo o! Ne miegbe gadodo na hiãtɔ la, eye hiãtɔ la ƒo koko na Yehowa la, Yehowa abui na mi nu ̃e. 10 Ele be nàdo nu si hiãtɔ la hiã la , eye mègafa konyi tso eŋu o! Elabena Yehowa Mawu ana nuwo nadze edzi na le nu sia ta! 11 Ame dahe aɖewo anɔ mia dome ɣe sia ɣi kokoko. Esia ta se sia le vevie ɖo. Ele be mianyo me, ado nu na wo."

Ablɔɖenana Hebritɔ siwo nye kluviwo

12 "Ne èƒle kluvi aɖe si nye Hebritɔ, ŋutsu alo nyɔnu la, ele be wòasubɔ ƒe ade, eye nàna ablɔɖee le ƒe adrelia me. 13 Mègana wòayi asi ƒuƒlu o! 14 Do mɔe kple aɖewo tso lãha la me kple ami tso amiɖaƒe kple wain tso wainfiaƒe. Na nui ɖe ale si Yehowa Mawu ayra wòe la nu. 15 Miɖo ŋku edzi be mienye kluviwo le Egiptenyigba dzi kpɔ, eye Yehowa, miaƒe Mawu la ɖe mi! Eya tae mele se sia dem na mi.

16 "Ke ne Hebri kluvi la medi be yeadzo le gbɔwò o, ke boŋ wògblɔ be yelɔ̃ , aƒemenɔnɔ dze edzi na ye, eye beléle na ye dze ye ŋu la, 17 ekema nàtsɔ nuŋɔnu aŋɔ to amimi ɖe ʋɔtru ŋu, ekema le esia megbe la, kluvi la atsi gbɔwò ɖikaa. nenema ke na kosiwo . 18 Ne èɖe asi le kluvi aɖe ŋu la, mègana wòave o, elabena ɖo ŋku edzi be kluvi ɖeka ma agbatedɔwɔla eve ƒe na ye le ƒe adeawo me! Yehowa, Mawu la ayra dɔwɔwɔwo katã ɖe esi nèna ablɔɖe kluvi la ta!"

Lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo

19 "Ele be nàkɔ alẽwo kple nyiwo ƒe ŋgɔgbevi siwo nye atsu la ŋu na Yehowa, Mawu la. Mègana nyitsu si nye ŋgɔgbevi la nawɔ le agble me o, eye mègako fu le alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe ŋgɔgbeviwo ŋu o. 20 Le esia teƒe la, ele be kple ƒometɔwo miaɖu siawo le Yehowa, Mawu la ŋkume ƒe sia ƒe le eƒe kɔkɔeƒe la. 21 Ke ne mede blibo o, afɔ ŋe , eƒe ŋku gbã alo nu gblẽ le eƒe teƒe bubu aɖe ŋu la, mèkpɔ atsɔe asa vɔe na Yehowa Mawu o, 22 ke boŋ ɖui kple ƒometɔwo le aƒe me. Ame sia ame ate ŋu aɖu sia faa ne amea ŋu mekɔ le ɣe ma ɣi me o , abe ale si ame sia ame ate ŋu aɖu sẽ kple zi ene, 23 gake migaɖu la ƒe ʋu ya o, ke boŋ mina wòaɖuɖu ɖe anyigba abe tsi ene."

Veja também

Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-07-05_19-25-13-