Pular para o conteúdo
Publicidade

Mose 5 26

Kutsetse gbãtɔwo kple nuwo ƒe ewolia

1 "Ne èva ɖo anyigba si Yehowa, Mawu la le na ge la dzi, eye nèxɔe hele edzi la, 2 ele na be nàtsɔ agblemenuku gbãtɔ siwo nàkpɔ tso anyigba si Yehowa Mawu le na ge dzi la ƒe nuku gbãtɔwo le ƒe sia ƒe ƒe nuŋeŋe me na Yehowa le eƒe kɔkɔeƒe la. 3 Tsɔe de kusi me yi na nunɔla si le wɔm ɣe ma ɣi, eye nàgblɔ be, Nunana siae nye nye emeʋuʋu ƒe dzesi be, Yehowa, nye Mawu kplɔm va ɖo anyigba si ŋugbe wòdo na tɔgbuinyewo la dzi.4 Nunɔla la axɔ kusi la le asiwò ada ɖe Yehowa Mawu ƒe vɔsamlekpui la dzi. 5 Esia megbe la, àgblɔ le Yehowa, Mawu la ƒe ŋkume be, Tɔgbuinyewo nye Arameatɔwo. Woʋu yi Egipte le sitsoƒedidi ta. Wonye ame ʋɛ aɖewo ko, ke wova zu dukɔ aɖe le Egipte. 6 Egiptetɔwo fu , kluviwoe, eye wode sesẽwo asi na . 7 Míedo ɣli, ƒo koko na Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu. Ese míaƒe gbe, eye wòkpɔ míaƒe fukpekpe, dɔwɔwɔ kple ale si wote ɖe toe. 8 Etsɔ nukunu gãwo kple asi sesẽ ɖe tso Egipte. Esi wòwɔ nukunu dziŋɔwo le Egiptetɔwo ŋkume la, 9 ekplɔ tso teƒe sia, eye wòtsɔ anyigba sia, si dzi "notsi kple anyitsi ɖo" la na . 10 Azɔ la, O! Yehowa, kpɔ ɖa, metsɔ nye agblemenuku gbãtɔ siwo mekpɔ tso anyigba si nènam me la ƒe kpɔɖeŋu na .Ekema nàtsɔ nukuawo ada ɖe Yehowa, Mawu la ŋkume, eye nàde ta agu . 11 Le esia megbe la, yi nàɖo kplɔ̃ kple nu nyui siwo katã Yehowa, Mawu la na . Na ƒometɔwo kple Levitɔwo kple amedzro siwo le mia dome la nakpɔ gome kpli le dzidzɔkpɔkpɔ la me.

12 "Ƒe etɔ̃lia ɖe sia ɖe nye ƒe tɔxɛ na nuwo ƒe ewolia nana. Le ƒe ma me la, ele be nàtsɔ nuwo ƒe ewolia katã ana Levitɔwo, amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, ale be woawo naɖu nu nyuie. 13 Ekema nàgblɔ le Yehowa, Mawu la ŋkume be, Metsɔ nye nuwo ƒe ewolia katã na Levitɔwo, amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo abe ale si nèɖo nam ene. Nyemeda le se aɖeke dzi loo alo ŋlɔ ɖeke be o. 14 Nyemeka asi nu ewolia ƒe ɖeka ŋu esi nye ŋuti mekɔ o, le kpɔɖeŋu me, esi menɔ fu nyim o, eye nyemetsɔ ɖeke na ame kukuwo o. Meɖo to Yehowa, nye Mawu la, eye mewɔ nu sia nu si nèɖo nam. 15 Kpɔ ɖa tso nɔƒe kɔkɔe la le dziƒo, eye nàyra Israelviwo kple anyigba si nètsɔ na abe ale si nèdo ŋugbe na mía tɔgbuiwo ene. Wɔe wòanye anyigba si dzi notsi kple anyitsi ɖo.’ " 

ɖe Yehowa ƒe sewo dzi

16 "Ele be nàwɔ se kple ɖoɖo siwo katã Yehowa, Mawu la le nàwom egbe la dzi kple dzi blibo. 17 Èʋu eme egbe be Yehowae nye Mawu, eye nèdo ŋugbe egbe be, yeawɔ eƒe sewo kple ɖoɖowo dzi, eye yeawɔ nu sia nu si wògblɔ na ye be yeawɔ. 18 Yehowa ʋu eme egbe be ànye yeƒe dukɔ abe ale si wòdo ŋugbe ene, eye wòbia tso asiwò be nàwɔ yeƒe sewo katã dzi. 19 Ne èwɔ alea la, awɔ dukɔ wu dukɔ bubu ɖe sia ɖe, eye wòana kafukafu, bubu kple ŋkɔxɔxɔ . Ke hafi bubu kple ŋkɔ sia naɖo ŋuwò la, ele be nànye dukɔ kɔkɔe na Yehowa, Mawu la abe ale si wòdi tso asiwò ene."

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também