Pular para o conteúdo
Publicidade

Mose 5 19

Sitsoƒeduwo

1 "Ne Yehowa, Mawu la tsrɔ̃ dukɔ siwo teƒe ge nàla, eye ne èle woƒe duwo kple aƒewo me la, 2 ekema nàtia du etɔ̃ siwo le anyigba si Yehowa, Mawu la le nàwom la titina lɔƒo la na ɖokuiwò. 3 Ɖe mɔwo ɖe wo dome, eye nàma anyigba si Yehowa, Mawu la le nawòm abe domenyinu ene la ɖe akpa etɔ̃ me, ale be ne ame aɖe wu nɔvia la, wòasi ayi afi ma.

4 "Nu si ta wòle be du siawo nanɔ anyi ɖo la woe nye: 5 Ne ame aɖe kple nɔvia aɖe woyi nake ge le ave me, eye fia la dzo le esi, eye wòwu nɔvia la, amewula la asi ayi du mawo dometɔ ɖeka me, eye wòanɔ dedie. 6 Ne menye nenema o la, hlɔ̃biala la ati eyome kple dɔmedzoe, atui ne sitsoƒedu la gbɔ didi akpa, eye wòawui togbɔ be medze na ku hafi o, elabena menye ɖe wòɖoe hafi wu nɔvia o. 7 Nu sia ta meɖoe na be nàtia du etɔ̃ da ɖi na ɖokuiwò.

8 "Yehowa Mawu akeke anyigba la ƒe liƒowo ɖe edzi abe ale si wòdo ŋugbe na tɔgbuiwòwo ene, eye wòatsɔ anyigba blibo si ŋugbe wòdo la na . 9 Esia aku ɖe ale si nèwɔ eƒe se siwo katã mele dedem na egbe, be nàlɔ̃ Yehowa Mawu, eye nàzɔ ɖe eƒe ɖoɖowo nu la dzi. Ne esia va eme la, ele be nàgawɔ du bubu etɔ̃ Sitsoƒeduwoe. 10 Ale nàte ŋu axɔ ame maɖifɔwo ɖe agbe le anyigba si Yehowa Mawu tsɔ na la dzi, eye ʋukɔkɔɖi dzodzro ƒe agba manɔ dziwò o.

11 "Ke ne ame aɖe fu nɔvia, de xa ɖi hewui, eye wòsi yi sitsoƒedu siawo dometɔ ɖeka me la, 12 eƒe dumemetsitsiwo aɖo du ɖee, ana woakplɔe ava aƒee, eye woatsɔe ade asi na ame kuku la ƒe hlɔ̃biala be wòawui. 13 Mègakpɔ nublanui o! Ɖe hlɔ̃dolawo katã ɖa le Israelviwo dome! Eya ko hafi nu sia nu ayi edzi nyuie na mi.

14 "Ne èva ɖo anyigba si Yehowa, Mawu la le na ge la dzi la, ɖo ŋku edzi be, mèkpɔ aho ame aɖeke ƒe liƒotiwo agbugbɔ wo atu ale be nàfi eƒe anyigba gbeɖegbeɖe o."

Ɖasefowo

15 "Mègabu ame aɖeke le ɖasefo ɖeka ko ƒe ɖaseɖiɖi ta o. Ele be ɖasefoawo nade eve godoo; anyo wu ne woade etɔ̃. 16 Ne ame aɖe ɖi aʋatsoɖase hegblɔ be yekpɔ ame aɖe wòwɔ nu ̃ esime amea mewɔ nu ̃ la o la, 17 na woakplɔ ame eveawo ayi nunɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo gbɔ le Yehowa ŋkume. 18 Woabia gbe wo tsitotsito, eye ne wokpɔ be ɖasefo la ka aʋatso la, 19 woahe to si wòbu be woahe na ame kemɛ la hafi la na eya ŋutɔ boŋ. To sia dzi, eye nàɖe nu ̃ wɔwɔ ɖa le mia dome.

20 "Ekema ame siwo asee la avɔ̃ na aʋatsoɖaseɖiɖi. 21 Mègakpɔ nublanui na aʋatsoɖasefo aɖeke o. Le nya sia tɔgbiwo me la, se si dzi nàkpɔe nye: agbe ɖe agbe teƒe, ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe, asi ɖe asi teƒe, afɔ ɖe afɔ teƒe."

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também