Pular para o conteúdo
Publicidade

Mose 5 25:5-10

Se le ame nɔvi ƒe ahosiɖeɖe ŋuti

5 "Ne ŋutsu aɖe nɔviŋutsu ku, eye vi aɖeke mele ame kuku la si o la, ahosi la mekpɔ mɔ aɖe srɔ̃ tso ƒome bubu me o, ke boŋ srɔ̃a kukua nɔviŋutsu naɖee, eye wòadɔ egbɔ. 6 Woabu vi gbãtɔ si ahosi la adzi la abe ame si ku la ƒe vi ene, ale be ame si ku la ƒe ŋkɔ mabu le Israel o. 7 Ke ne nɔviŋutsu la gbe be yemawɔ yeƒe dɔdeasi le go sia me o hegbe ahosi la ɖeɖe la, ekema ahosi la ayi dumemetsitsiwo gbɔ, eye wòagblɔ na wo be, ‘Srɔ̃nye nɔviŋutsu gbe be yemana nɔvia ŋutsu si ku la ƒe ŋkɔ natsi anyi le Israel o. Egbe be yemaɖem o.’

8 "Dumemetsitsiwo ayɔ ŋutsu la aƒo nu kplii tso nya la ŋu. Ne egagbe kokoko la, 9 ekema nyɔnu la ate ɖe ŋutsu la ŋu le ametsitsiawo ŋkume, aɖe tokota le afɔ nɛ, eye wòaɖe ta ɖe mo nɛ. Le esia megbe la, nyɔnu la agblɔ be, ‘Nu siae wɔa ŋutsu si gbe be yematu ye nɔvi si ku la ƒe aƒe ɖo o.’ 10 Tso gbe ma gbe dzi la, woayɔ ŋutsu la ƒe aƒe me le Israel be, ‘Ŋutsu si woɖe tokota le afɔ na la ƒe aƒe me!’

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.