Publicidade

Deuteronômio 5

Mose gate gbe ɖe Se Ewoawo dzi na Israelviwo

1 Mose gaƒo nu na Israelviwo gblɔ be,

Miɖo to nyuie miase se siwo katã Yehowa de na mi. Misrɔ̃ wo, eye miakpɔ egbɔ be yewowɔ wo dzi! 2 Yehowa mía Mawu la bla nu kpli mi le Horeb to la gbɔ. 3 Mebla nu kple mia tɔgbuiwo o, ke boŋ kple mi ame siwo le agbe, le afi sia fifia 4 Eƒo nu kpli mi ŋkume kple ŋkume tso dzo bibi la titina le afi ma, le to la gbɔ. 5 Menɔ miawo kple Yehowa dome, elabena mienɔ vɔvɔ̃m, eye mieyi egbɔ le to la dzi o. Eƒo nu nam, eye metsɔ eƒe seawo na mi.

Nya siwo wògblɔ la woe nye:

6 "Nyee nye Yehowa, Mawu, si kplɔ tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi.

7 "Mègasubɔ mawu bubu aɖeke kpe ɖe ŋunye o.

8 Mègawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò o, eɖanye nu siwo le dziƒo alo anyigba dzi afii loo, alo me la ƒe nɔnɔme o. 9 Mègade ta agu na wo o, eye mègasubɔ wo le aɖeke nu o, elabena nye Yehowa, Mawu la, Mawu ʋãŋue menye. Mehea to na ɖevi siwo léa fum la ɖe wo fofowo ƒe vodadawo teƒe va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi. 10 Ke meɖea nye lɔlɔ̃ fiaa dzidzime akpe nane siwo ̃am, eye wowɔa nye seawo dzi.

11 Mègayɔ Yehowa, Mawu la ƒe ŋkɔ dzodzro o, elabena Yehowa magbe tohehe na ame si eƒe ŋkɔ dzodzro la o.

12 ɖe Dzudzɔgbe la dzi, eye nàwɔe kɔkɔe abe ale si Yehowa, Mawu la de se na wòe ene. 13 dɔwo katã le ŋkeke ade me, 14 ke ŋkeke adrelia nye Yehowa, Mawu la ƒe Dzudzɔgbe. Mègawɔ aɖeke le edzi o. aƒemetɔ aɖeke mekpɔ awɔ aɖeke gbe ma gbe o, eɖanye viwò ŋutsuwo, viwò nyɔnuwo, dɔlaŋutsu, dɔlanyɔnu, nyiwo, tedziwo alo lãwo katã o. Ele be amedzro siwo le mia dome ̃ nawɔ se sia dzi. Ele be ame sia ame nadzudzɔ abe ale si ŋutɔ nàwɔ ene. 15 Ɖo ŋku edzi be, ènye kluvi le Egipte kpɔ, eye Yehowa, Mawu la kplɔ do goe tso teƒe ma kple asi sesẽ kple abɔ si wòdo ɖe dzi. Le esia ta Yehowa, Mawu la de se na be nàɖo ŋku Dzudzɔgbe la dzi.

16 Bu fofowò kple dawò. Ɖo ŋku edzi be esiae nye Yehowa, Mawu la ƒe se. Ne èwɔ ɖe edzi la, ànɔ agbe didi, eye wòadze edzi na le anyigba si Yehowa, Mawu la le nawòm la dzi.

17 Mègawu ame o.

18 Mègawɔ ahasi o.

19 Mègafi fi o.

20 Mègaɖi aʋatsoɖase le hawòvi ŋuti o.

21 Mègabia ŋu hawòvi ɖe srɔ̃a ta alo ɖe eƒe aƒe, anyigba, dɔlaŋutsu, dɔlanyɔnu, nyiwo, tedziwo loo, alo nu sia nu si nye etɔ la ta o."

22 Yehowa de se siawo na mia dometɔ ɖe sia ɖe tso dzo bibi la titina esime lilikpo la kple viviti tsiɖitsiɖi ƒo xlã Sinai to la, se mawo ko wòde na mi ɣe ma ɣi, eye megatsɔ bubu aɖeke kpee o. Eŋlɔ wo ɖe kpe kpakpa eve dzi hetsɔ nam.

23 Ke esi miese gbe sesẽ la tso viviti la me, eye miekpɔ dzo bibi dziŋɔ la le to la tame la, miaƒe toawo ƒe kplɔlawo katã va gbɔnye, 24 eye woɖe kuku be, "Egbe la, Yehowa, míaƒe Mawu la ɖe eƒe ŋutikɔkɔe kple gãnyenye fia . Míese eƒe gbe ̃ tso dzo bibi la titina. Azɔ la, míenya be ame ate ŋu aƒo nu kple Mawu, eye maku o. 25 Ke míeka ɖe edzi be míaku ne Yehowa míaƒe Mawu gaƒo nu na azɔ. Dzo bibi dziŋɔ sia atsrɔ̃ . 26 Ame kae ate ŋu ase Mawu gbagbe la ƒe gbe tso dzo bibi la titina abe ale si míawo míesee ene, eye wòatsi agbe? 27 Yi nàɖo to nya siwo katã Yehowa, míaƒe Mawu la le gbɔgblɔm, eye nàva gblɔe na , ekema míaɖo to, eye miawɔ ɖe wo dzi."

28 Yehowa ̃ ɖe miaƒe biabia la dzi, eye wògblɔ nam be, "Mese nya si ameawo gblɔ na ; melɔ̃ ɖe edzi. 29 O! Ne dzi sia tɔgbi anɔ wo me ɣe sia ɣi, eye woadi be yewoawɔ nye seawo dzi la, ekema nu sia nu anyo na wo le ŋgɔgbea, eye wòanyo na wo viwo to dzidzimeawo katã me!

30 "Yi, nàgblɔ na wo be, woatrɔ ayi woƒe agbadɔwo me. 31 Emegbe la, ŋutɔ nàtrɔ va, atsi tsitre ɖe axanye le afi sia, matsɔ nye seawo katã na , nàfia seawo ameawo ne woawɔ wo dzi le anyigba si mele wo na ge la dzi."

32 Ale Mose gblɔ na ameawo be, "Ele be miawɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe seawo dzi, miazɔ ɖe eƒe ɖoɖo ɖe sia ɖe nu tututu, eye miazɔ le si wòta na mi la dzi pɛpɛpɛ. 33 Ne miewɔ esia la, eya ko hafi mianɔ agbe didi, eye wòadze edzi na mi le anyigba si ge miala la dzi."

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-