5 Ele be nàlɔ̃ Yehowa, wò Mawu la kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo kple wò ŋusẽ blibo. 6 Hekpe ɖe esia ŋuti la, ele be nàbu se siwo mele nawòm egbe la ŋu ɣe sia ɣi. 7 Ele be nàkui ɖe to me na viwòwo, eye nàƒo nu na wo tso wo ŋu ne miele aƒe me alo ne miele tsa ɖim, le anyimlɔɣi kple fɔfɔɣi abe nu gbãtɔ ene le ŋdi me.
20 Ne viwò va bia wò gbe aɖe gbe be, "Nu ka see nye esi Yehowa miaƒe Mawu de na mi?" hã la, 21 ele be nàgblɔ nɛ be, "Míenye Farao ƒe kluviwo kpɔ le Egipte. Yehowa ɖe mí tso Egipte to eƒe ŋusẽ gã la 22 kple nukunu gãwo wɔwɔ kple fufiafia Egipte, Farao kple eƒe amewo katã me. Míekpɔ nu siawo katã kple míaƒe ŋkuwo. 23 Yehowa kplɔ mí tso Egipte be yeate ŋu atsɔ anyigba sia, si ŋugbe wòdo na mía tɔgbuiwo la na mí. 24 Ebia tso mía si be míawɔ se siawo katã dzi, eye míade bubu ye ŋu ale be yeate ŋu alé agbe ɖe te na mí abe ale si wòwɔ va se ɖe fifia ene, 25 elabena ɣe sia ɣi si míewɔ ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe seawo katã dzi la, nu sia nu dzea edzi na mí nyuie."