Publicidade

Eclesiastes 11

"Tsɔ abolo da ɖe tsi dzi"

1 Na nu amewo faa

elabena nunana atrɔ ava ŋutɔ

gbɔwò gbe aɖe gbe emegbe.

2 Ma nunanawo ɖe akpa adre alo akpa enyi me

elabena ɖewohĩ ŋutɔ ahiã kpekpeɖeŋu geɖe

le ŋkeke siwo ava la me.

3 Ne tsi gbɔ ɖe lilikpowo me la, tsi dzana.

Ne ati aɖe mu eye wòdze dziehe alo anyiehe gome la,

etsia afi si wòdze.

4 Ame si léa ŋku ɖe ya ƒe ƒoƒo ŋu la,

meƒãa nu o eye ame si léa ŋku ɖe lilikpowo ŋu la,

meŋea nu o.

5 Mawu ƒe mɔwo le manyamanya me na

abe ale si míenya ya ƒe toƒe o

kple ale si ame ƒe gbɔgbɔ gena ɖe vidzĩ

ƒe lãme le esime vidzĩ la le dadaa ƒe dɔme la o ene.

6 nukuwo ƒaƒã dzi ko,

elabena màte ŋu anya esiwo agbe miemie o;

ɖewohĩ wo katã amie.

Ɖo ŋku Wɔla dzi le ɖekakpuime.

7 Enye nu nyui wɔnuku aɖe be ame nanɔ agbe!

8 Ele be ame si tsi, ƒe geɖe la,

nakpɔ dzidzɔ gbe sia gbe le eƒe agbe me,

ke wòaɖo ŋku viviti ƒe ŋkekewo dzi,

elabena woasɔ gbɔ, eye nu siwo

le agbe sia me la nye tofloko sɔŋ ko,

ne wotsɔ wo ɖe agbe kemɛ tɔwo ŋu.

Nya blibo la ƒe taƒonya

9 Ɖekakpui, kpɔ dzidzɔ le ɖekakpuime,

eye nàna dzi naɖu agbe le ɖekakpuime.

ɖe dzi ƒe didi kple ŋku ƒe nukpɔkpɔ nu,

ke nyae be

Mawu adrɔ̃ ʋɔnu le nu siawo katã ta,

10 eya ta ɖe nuxaxa ɖa le dzime,

eye nàte nu ̃ wɔwɔ ɖa xaa tso ŋutilã gbɔ,

elabena ɖekapuimenɔnɔ

kple ŋutsumeɖoɖo nye tofloko ko.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-