Publicidade

Eclesiastes 5

̃ Mawu

1 Ne èle gegem ɖe gbedoxɔ me la, ke towo ɖi eye nàmia nu! Mèganye bometsila si menyana ̃ be enye nu ̃ be nàɖe adzɔgbe na Mawu tamemabumabutɔe o,

2 nu megatsɔ blablabla o,

eye dzi megatsɔ ne wòaƒo nu le Mawu ŋkume o,

elabena Mawu le dziƒo ke,

le esime ya nèle anyigba dzi le afii

eya ta mègaƒo nu blablabla o.

3 Abe ale si hloloetsotso fũu akpa nana

wokua drɔ̃e ̃wo ene la,

nenema kee bometsitsi nana

woƒoa nukpoloe.

4 Eya ta ne èɖe adzɔgbe na Mawu be yeawɔ nane la, mègahe nua wɔwɔ ɖe megbe o, elabena Mawu mekpɔa dzidzɔ le bometsilawo ŋu o. adzɔgbeɖeɖe dzi . 5 Ne èzi kpi, mèdo ŋugbe be yeawɔ nane o la, enyo sãa wu be nàdo ŋugbe be yeawɔ nane eye nàgbe ewɔwɔ. 6 Mègana nu nakplɔ de nu ̃ me o eye mègagblɔ na dɔtsɔla si le gbedoxɔ me be, "Vodadae nye nye adzɔgbeɖeɖe" o. Nu ka ta Mawu ado dɔmedzoe le nya si nègblɔ ta eye wòagblẽ nu si nèwɔ kple asi? 7 Gɔmesese mele drɔ̃ekuku geɖewo kple nya sɔgbɔwo me o eya ta anyi le Mawuvɔvɔ̃ me.

Kesinɔnuwo nye tofloko

8 Ne èkpɔ wole ame dahe aɖe tem ɖe to eye womedrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe o le teƒe aɖe le anyigba blibo la dzi la, mègana wòawɔ nuku na o elabena amegã ɖe sia ɖe le tatɔ aɖe te eye ame bubuwo gale tatɔawo tame. 9 Fia la le ame siawo katã tame. Oo, ɖe woakpɔ fia aɖe wòatsɔ eɖokui aɖo anyi ɖe dukɔa ƒe nyonyo ta hafi. Eya koe ate ŋu ahe ɖoɖo ade tɔtɔ sia me.

10 Ame si ̃a ga la,

makpɔ ga wòasɔ gbɔ ,

adze eŋu gbeɖe o.

Enye bometsitsi be ame nabu be

kesinɔnuwoe naa dzidzɔkpɔkpɔ ame!

11 Ale si nèkpɔ ga wòsɔ gbɔe la,

nenema tututue gaŋudɔwɔwɔ anɔ;

ekema nu nyui kae le gakpɔkpɔ ŋu?

Ɖewohĩ nu nyui si le gakpɔkpɔ ŋu

koe nye nàkpɔ ga la wòaƒu du ato

asibidɛwo dome adzo le gbɔwò!

12 Ame dahe si wɔa sesĩe la,

dɔa alɔ̃ nyuie ne eɖu nu sue aɖe

alo ne eɖu nu fũu, ke kesinɔtɔwo ya tsia dzimaɖi

eye womekpɔa alɔ̃ dɔna o.

13 Mekpɔ nu ̃ɖi aɖe le ɣea te:

eyae nye kesinɔnu si woli kɔe da

ɖi wòva zu nuveviwɔame na nutɔ

14 alo kesinɔnu si wobu to dzɔgbevɔ̃e me,

ale be ne viŋutsu le amea si la,

naneke matsi anyi na viŋutsu la o.

15 Ame si ɖoa ŋu ɖe dɔwɔna sia tɔgbi ŋu la,

trɔna kaba yia ahedada me,

afi si wòdze dɔa gɔme tsoe.

16 Abe ale si megblɔ do ŋgɔ ene la:

Nya sia nye nya sesẽ aɖe,

elabena amea ƒe dagbadagba sia katã va zua

tofloko kple ayadɔwɔwɔ ko.

Eƒe nuwo katã buna.

17 Eƒe gome le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo katã me la

zua viviti, dziɖeleameƒo, dadaƒu kple dɔmedzoedodo.

18 Ke nu ɖeka ya nyo, eyae nye wòaɖu nu nyuie, ano wain kɔŋkɔ ɖeka, ana eƒe ɖoƒe le agbe me nadze eŋu eye wòana sia si wòwɔna la nado dzidzɔ to ɣeyiɣi si me Mawu ana wòanɔ agbe la me. 19 Gawu la, ne Mawu na kesinɔnuwo kple nunɔamesiwo ame aɖe eye wòna amenuvevee be wòaɖui, axɔ nu si nye etɔ gome eye wòakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔ me la, nunanae wònye tso Mawu gbɔ. 20 Ƒãa hafi wòbua eƒe agbemeŋkekewo ŋu. Mawu naa eƒe susu nɔa dzidzɔ si le eƒe dzi me la ŋu ɣeawo katã ɣi.

Veja também

Publicidade
Bíblia Online Bíblia Online

Bíblia Online • Versão: 2026-06-29_22-07-56-