25 Esia ta ele be mia dometɔ ɖe sia ɖe naɖe aʋatsokaka ɖa, eye wòagblɔ nyateƒe na nɔvia, elabena ŋutinu ɖekawo míenye. 26 Nenye be èdo dɔmedzoe la, mègawɔ nu vɔ̃ o. Mègana ɣe naɖo to ɖe wo dɔmedzoe dzi o. 27 Mègana mɔnukpɔkpɔ Abosam o. 28 Ame si nye fiafitɔ la, nedzudzɔ fififi, newɔ dɔ, netsɔ eƒe asiwo wɔ dɔ nyui, si aɖe vi nɛ be wòakpɔ nane ana hiãtɔwo.
29 Migana nya vlo aɖeke megado go le mia nu o, ke boŋ migblɔ nya siwo nyo, eye woate ŋu ado ŋusẽ ame siwo le esem la, eye wòaɖe vi na eselawo.