Pular para o conteúdo
Publicidade

Mose 3 9

Nunɔlaawo dze dɔwɔwɔ gɔme

1 Le ŋutikɔkɔ ƒe ŋkeke enyia gbe la, Mose Aron kple via ŋutsuwo kple Israel ƒe ametsitsiwo, 2 eye wògblɔ na Aron be wòalé nyitsu ɖeka tso nyiha la me hena nu ̃ ŋuti vɔsa kple agbo ɖeka hena numevɔsa, eye wòasa le Yehowa ŋkume.

3 Mose yi edzi be, "Gblɔ na Israelviwo be woatia gbɔ̃tsu ɖeka hena woƒe nu ̃ ŋuti vɔsa kple nyivi ɖeka kple alẽvi ɖeka, siwo de blibo hena woƒe numevɔsa. 4 Kpe ɖe esia ŋu la, woatsɔ nyitsu ɖeka kple agbo ɖeka asa akpedavɔ, eye woatsɔ si woblu kple ami la asa nuɖuvɔ na Yehowa, elabena egbe la, Yehowa aɖe eɖokui afia wo."

5 Ale ameawo tsɔ nu siawo katã va Agbadɔ la ƒe mɔnu, abe ale si Mose gblɔ na wo la ene, eye ameawo tsi tsitre ɖe afi ma le Yehowa ŋkume.

6 Mose gblɔ na ameawo be, "Ne miewɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi la, eƒe ŋutikɔkɔe aɖe eɖokui afia mi."

7 Mose gblɔ na Aron be wòate ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye wòasa nu ̃ vɔsa kple numevɔ, alé avu gbã ɖe eɖokui ta, eye emegbe la, ɖe ame bubuawo ta abe ale si Yehowa ɖo ene. 8 Ale Aron te ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye wòtsɔ nyivi la nu ̃ vɔsae ɖe eya ŋutɔ ƒe nu ̃wo ta. 9 Via ŋutsuwo tsɔ ʋu la . Ede asi eme, sisii ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, eye wòkɔ mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. 10 Emegbe la, etɔ dzo nu ̃ ŋuti vɔsalã la ƒe ami, ayikuawo kple aklã la le vɔsamlekpui la dzi, abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. 11 Etɔ dzo la kple eƒe agbalẽ le asaɖa la godo.

12 Nu si kplɔ esia ɖo lae nye Aron wu numevɔsalã la. Via ŋutsuwo tsɔ ʋua , eye wòhlẽe ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo. 13 Wofli la tsɔ kpe ɖe la ƒe ta ŋu. Etɔ dzo wo katã le vɔsamlekpui la dzi. 14 Ekpala dɔmenuawo kple afɔawo, eye wòtɔ dzo wo ɖe vɔsamlekpui la dzi abe numevɔsa ene.

15 Emegbe la, etsɔ ameawo ƒe nunanawo sa vɔe. Ewu gbɔ̃tsu la, eye wòtsɔe sa vɔe abe ale si wòsa nu ̃ vɔsa ɖe eɖokui ta ene. 16 Ale wòsa numevɔ la na Yehowa, le se siwo wòde la nu.

17 Le esia megbe la, esa nuɖuvɔ la. Eku la ƒe asiʋlo ɖeka, eye wòtɔ dzoe kpe ɖe gbe sia gbe ƒe ŋdivɔsa ŋu le vɔsamlekpui la dzi.

18 Azɔ la, ewu nyitsu la kple agbo si ameawo tsɔ la na akpedavɔsa. Aron viŋutsuwo tsɔ lãawo ƒe ʋu , eye wòhlẽe ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo. 19 Eɖe nyitsu la kple agbo la ƒe amiwo, ami siwo le ayikuawo ŋu kpe ɖe esiwo le woƒe dɔmenuwo ŋu la ŋuti, eye wògaɖe woƒe ayikuwo kple aklãwo . 20 Aron tsɔ amiawo da ɖe vɔsalãwo ƒe akɔwo dzi, eye wòtɔ dzo amiawo le vɔsamlekpui la dzi. 21 Ke Aron nye lãawo ƒe akɔwo kple ɖusitawo le yame le Yehowa ŋkume abe wo tsɔtsɔ na Mawu ƒe dzesi ene, abe ale si Mose ɖo ene.

22 Emegbe la, Aron wu eƒe asiwo dzi ɖe dukɔ la dzi, yra wo; eye esi wòsa nu ̃ , numevɔ, kple akpedavɔ la, eɖi le vɔsamlekpui la dzi. 23 Mose kple Aron woyi Agbadɔ la me, eye esi wodo go la, woyra ameawo. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia ameha blibo la, 24 eye dzo tso Yehowa gbɔ fia numevɔsa la kple amiawo le vɔsamlekpui la dzi. Esi ameawo kpɔe la, wo katã wodo dzidzɔɣli, eye wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também