Pular para o conteúdo
Publicidade

Mose 3 6

1 Yehowa gblɔ na Mose be, 2 "Nenye be ame aɖe nu ̃, eye meto nyateƒe na Yehowa o, ne eble ehavi tso nu si woda ɖe egbɔ alo be nedzra ɖo na ye alo wòfi alo wòbae 3 alo ne efɔ nu bubu aɖe, evɔ wòda alakpa le eŋuti alo wòka atam dzodzro alo wòwɔ nu ̃ siawo dometɔ ɖeka si amewo awɔ, 4 eye ne ewɔ nu ̃ siawo eye wòɖi la, ele be wòaɖe asi le nu si wòfi la alo to amebamɔ dzi alo nu si dzi wobe wòakpɔ alo nu si bu wòfɔ 5 alo nu sia nu si ŋu wòka aʋatsotam ɖo la ŋu. Ele be wòaɖo nua teƒe wòade, wòatsɔ nua ƒe home atɔ̃lia ƒe ɖeka akpee, eye wòatsɔ wo katã na nutɔ le ŋkeke si wòtsɔ eƒe fɔɖivɔsa na la dzi. 6 Eƒe fɔɖivɔsanu anye agbo si de blibo, eye eƒe home nade nu sia nu si nàbia tso esi la nu. Atsɔe na nunɔla si le Yehowa teƒe, 7 ame si alé avu ɖe enu le Yehowa ŋkume, eye Mawu atsɔ eƒe nu ̃ akee."

Numevɔsa

8 Yehowa gagblɔ na Mose be, 9 "De se siawo na Aron kple via ŋutsuwo tso numevɔsa ŋuti, Woagblẽ numevɔsa la ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzodoƒe, eye dzo nanɔ bibim le ete blibo la. 10 Ne ŋu ke la, nunɔla la ado eƒe awutewui kple eƒe dziwui, akplɔ numevɔsa la ƒe dzowɔ akɔ ɖe vɔsamlekpui la xa. 11 Emegbe la, aɖɔli eƒe awuwo, atsɔ dzowɔ la ayi teƒe si ŋuti le asaɖa la godo. 12 Vɔsamlekpui la ƒe dzo aganɔ bibim kokoko; mele be wòatsi o. Nunɔla la agade nake yeyewo dzo la me ŋdi sia ŋdi, eye wòatsɔ gbe sia gbe ƒe numevɔsa ada ɖe edzi, atɔ dzo gbe sia gbe ƒe ŋutifafavɔsa ƒe ami. 13 Ele be dzo nanɔ bibim le vɔsamlekpui la dzi madzudzɔmadzudzɔe. Mele be wòatsi gbeɖe o.’ "

Nuɖuvɔsa

14 "Se siwo le nuɖuvɔsa ŋu la woe nye: Aron ƒe viŋutsuwo atsi tsitre ɖe vɔsamlekpui la ŋgɔ, eye woasa la le Yehowa ŋkume. 15 Nunɔla la aɖe memee la ƒe asiʋlo ɖeka, akɔ ami kple dzudzɔdonu ɖe edzi, eye wòatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi abe Yehowa ene tso nu si wotsɔ la me. Yehowa axɔe kple dzidzɔ . 16 si asusɔ le asiʋlo ɖeka ɖeɖe megbe la azu nuɖuɖu na Aron kple via ŋutsuwo. Womade amɔʋãtike eme o. Woaɖui le Agbadɔ la ƒe xɔxɔnu. 17 Te gbe ɖe edzi na wo be, ne womee le abolokpo me la, amɔʋãtike manɔ eme o. Metsɔ numevɔ si wosa nam la ƒe akpa sia na nunɔlawo. Ke numevɔsa blibo la le kɔkɔe abe ale si nu ̃ ŋuti vɔsa kple fɔɖivɔsa blibo la le ene. 18 Ŋutsu ɖe sia ɖe si dzɔ tso Aron me, nunɔla ɖe sia ɖe, ate ŋu aɖui tso dzidzime yi dzidzime. Ke nunɔla siwo ŋuti koe kpɔ aɖu vɔsanu siwo wome na Yehowa.’ "

19 Yehowa gblɔ na Mose bena, 20 "Nu siae nye nu si Aron kple via ŋutsuwo ana Yehowa le gbe si gbe woasi ami : memee kilogram ɖeka abe gbe sia gbe ƒe nuɖuvɔsa ene. Woatsɔ afã ŋdi, eye afã evelia le fiẽ. 21 Tsɔ ami tɔe le nutɔgba me wòabi nyuie ekema nàtsɔe na Yehowa wòanye vɔsa si dzea eŋu. 22 Via ŋutsu si axɔ ɖe eteƒe abe nunɔla si wosi ami na ene la atrɔ asi le eŋu. Enye Yehowa ɣe sia ɣi, eye woatɔ dzoe wòafia keŋkeŋ. 23 Woatɔ dzo nunɔlawo ƒe nuɖuvɔsa ɖe sia ɖe keŋkeŋ, eye womaɖui o."

Nu ̃ ŋuti vɔsa

24 Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, 25 "Gblɔ na Aron kple via ŋutsuwo be se siwo le nu ̃ ŋuti vɔsa ŋu la woe nye esiawo.

"Vɔsa sia nye nu kɔkɔe. Woawu vɔsalã la le Yehowa ŋkume, afi si wowua numevɔsalãwo le. 26 Nunɔla si asa sia la aɖu vɔsalã la le Agbadɔ la ƒe kpɔ me. 27 Ame siwo ŋuti wokɔ, eye wozu nunɔlawo la koe kpɔ aka asi la ŋu. Ne ʋu hlẽ ɖe ame aɖe ƒe awu ŋu la, woanyae le teƒe kɔkɔe aɖe. 28 Ekema woagbã ze si me wonya awu la le. Ne enye akɔblizee la, woaklɔe nyuie. 29 Ŋutsu ɖe sia ɖe le nunɔlawo dome kpɔ aɖu vɔsalã sia. Ke woawo koe kpɔ aɖui, elabena nu kɔkɔe wònye. 30 Ne wotsɔ vɔsalã la ƒe ʋu aɖe yi Agbadɔ la me, be woalé avu le Kɔkɔeƒe la la, ekema nunɔlawo mekpɔ aɖu vɔsalã la o. Woatɔ dzo blibo la le Yehowa ŋkume.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também