11 Mikpla Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã be miate ŋu anɔ te ɖe Abosam ƒe ɖoɖowo kple ayemenu siwo wòɖo ɖe mia ŋuti la nu. 12 Elabena míele aʋa wɔm kple ŋutilã kple ʋu o, ke boŋ kple dziɖulawo, ŋusẽtɔwo, xexe sia me vivitimeŋusẽwo kpakple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖi siwo le dziƒonutowo me.
Publicidade
Publicidade