Pular para o conteúdo
Publicidade

Mose 1 2:18,21-24

Mawu wɔ Eva

18 Yehowa Mawu gblɔ be, "Menyo be ame la ɖeka ko nanɔ anyi o. Mawɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ ɖe eŋu la nɛ."

21 Tete Yehowa Mawu na ŋutsu la dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi. Emegbe la, eɖe ame la ƒe axaƒuti ɖeka, eye wòxe teƒe si wòɖee tsoe la. 22 Yehowa Mawu tsɔ axaƒuti si wòɖe le amea me la wɔ nyɔnu, eye wòkplɔe va ame la gbɔ.

23 Tete ame la do dzidzɔɣli be,

"Ɛhɛ̃! Esiae nye ƒu tso nye ƒu me

kple lã tso nye lãme.

Woayɔe be ‘nyɔnu’,

elabena ŋutsu me woɖee tsoe."

24 Esia ta ŋutsu gblẽa fofoa kple dadaa ɖi, eye wòkuna ɖe srɔ̃a ŋu ale gbegbe be ame eveawo zua ame ɖeka.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.