Pular para o conteúdo
Publicidade

Mose 1 44

Yosef ƒe asrafowo Benyamin

1 Esi nɔviawo ƒe dzodzoɣi ɖo la, Yosef gblɔ na eƒe aƒedzikpɔla la be wòade bli woƒe kotokuwo katã me, ɖe sia ɖe nayɔ abe ale si wòate ŋu atsɔ ene, eye wòatsɔ ga si ame sia ame xe ɖe blia ta la ade eƒe kotoku me! 2 Egblɔ be wòatsɔ ye ŋutɔ yeƒe klosalokplu ade Benyamin ƒe kotoku me, kpe ɖe bliƒlega la ŋu. Ale aƒedzikpɔla la ɖe nu siwo Yosef gblɔ la dzi. 3 Nɔviawo fɔŋli, eye wodze kple woƒe tedziawo. 4 Ke esi wodo go le dua me teti ko la, Yosef gblɔ na eƒe aƒedzikpɔla la be, "Dze wo yome kaba; na woatɔ, eye nàbia wo be nu ka ta wowɔ nu sia tɔgbi esime menyo me na wo nenema mahã? 5 Bia wo be, Nu ka ta miefi nye aƒetɔ ƒe klosalokplu si me wònoa nu le, eye wògawɔa eŋu hena nukaka mahã? Nu ̃ɖi kae nye esi miewɔ?’ " 6 Aƒedzikpɔla la yi ɖatu wo, eye wòƒo nu na wo abe ale si woɖo tututu ene.

7 Wobiae be, "Ao, aƒetɔ, nya ka tututu gblɔm nèle? Nu sia wɔwɔ nade megbe xaa tso dɔlawo gbɔ. 8 Ɖe míetrɔ ga si míekpɔ le míaƒe blikotokuwo me le Kanaan la oa? Nu ka ta míafi klosalo alo sika le aƒetɔ ƒe aƒe me ɖo? 9 Ne èkpɔ eƒe kplu le mía dometɔ aɖe ƒe kotoku me la, ekema na ame ma naku, eye nàna ame mamlɛawo katã miazu kluviwo na aƒetɔ tegbetegbe."

10 Aƒedzikpɔla la gblɔ be, "Enyo nenema, gake ame si fii la koe azu kluvi, eye ame bubuawo ate ŋu adzo faa."

11 Woɖe woƒe kotokuawo le woƒe tedziwo dzi kaba, eye woʋu wo nu. 12 Edze kplua didi le kotokuawo me gɔme tso nɔvi tsitsitɔ dzi yiyim ɖe tsitsi nu va se ɖe esime wòva ɖo ɖevitɔ dzi. Tete wòkpɔ kplu la le Benyamin ƒe kotoku me! 13 Wodze woƒe awuwo le dziɖeleameƒo ta. Wogado agba na woƒe tedziwo, eye wogatrɔ yi dua me.

Yosef nɔviwo dze klo, eye woɖe kuku

14 Yosef ganɔ eƒe aƒe me esime Yuda kple nɔviawo trɔ va ɖo, eye wodze klo de ta agu .

15 Yosef bia be, "Nu ka miete kpɔ be yewoawɔ? Ɖe mienya be ame abe nye ene anya ame si fii oa?"

16 Yuda gblɔ be, "O, nu ka magblɔ na nye aƒetɔ? Kuku ka míate ŋu aɖe? Aleke míate ŋu aɖe míaƒe fɔmaɖimaɖi afiae? Mawu le to hem na ɖe míaƒe nu ̃wo ta. Aƒetɔ, katã míetrɔ va be míazu kluviwo, míawo kple ame si ƒe kotoku me wokpɔ kplu la le siaa."

17 Yosef gblɔ be, "Ao, ame si fi kplu la koe anye nye kluvi. Mi ame mamlɛawo ya, miyi mia de le mia fofo gbɔ."

18 Tete Yuda te ɖe eŋu gblɔ be, "O, nye aƒetɔ, ɖe nam magblɔ nya ɖeka sia ko na . Gbɔ dzi ɖi nam vie, elabena menya be àte ŋu awɔ nu sia nu le aɖabaƒoƒo ɖeka me abe wòe nye Farao ene.

19 "Aƒetɔ, èbia be mía fofo alo mía nɔvi aɖe li mahã, 20 eye míegblɔ be, Ɛ̃, mía fofo, amegãɖeɖi li, eye eƒe tsitsimevi, ŋutsuvi sue aɖe li. Dadavia ɖekɛ la ku; eya koe susɔ le dadaa ƒe viwo dome, eye fofoa ̃e ŋutɔ.21 Ègblɔ na be, Mikplɔe va afi sia be makpɔe ɖa.22 Ke megblɔ na be, Aƒetɔ, ɖevi la mate ŋu adzo le fofoa gbɔ o, elabena eƒe dzodzo ana fofoa naku.23 Ke ègblɔ na be, Ne mia nɔvi suetɔ manɔ mia dome o la, ekema migava afi sia azɔ o.24 Ale míetrɔ yi dɔla mía fofo gbɔ, eye míegblɔ nu si nye aƒetɔ gblɔ la . 25 Esi wògblɔ na be, Migayi miaƒle nuɖuɖu la, 26 míegblɔ be, Míate ŋu ayi o, negbe ɖeko nàɖe na míakplɔ mía nɔvi suetɔ ɖe asi hafi. Eya ko hafi míate ŋu ayi.

27 "Ale mía fofo gblɔ na be, Mienya be viŋutsu evee dadaa dzi nam, 28 eye ɖeka megatrɔ gbɔ o: aɖe anya lée kokoko; nyemegakpɔe kpɔ tso ɣe ma ɣi o. 29 Ne miegakplɔ nɔvia dzoe le gbɔnye, eye nane wɔe la, maku kple nuxaxa.30 Ke azɔ la, aƒetɔ, ne matrɔ ayi fofonye gbɔ, nyemakplɔ ɖevi la ɖe asi o, esi menya be fofonye melɔ̃a nu le ɖevi la gbɔ o, 31 ne ekpɔ be ɖevi la megbɔ kpli o la, mía fofo aku, eye wòazu be míawoe na wòyi me kple nuxaxa. 32 Aƒetɔ, meɖe adzɔgbe na fofonye be makpɔ ɖevi la dzi nyuie. Megblɔ be, Ne nyemekplɔ ɖevi la gbɔe o la, fɔɖiɖi sia nanɔ dzinye tegbee!33 Meɖe kuku na , na matsi afi sia abe kluvi ene ɖe ɖevi la teƒe, eye nàna ɖevi la natrɔ kple nɔvia bubuawo. 34 Aleke mate ŋu atrɔ ayi fofonye gbɔ esime nyemakplɔ ɖevi la ɖe asi o? Nyemate ŋu akpɔ nu si nu sia awɔe la teƒe o."

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também