Pular para o conteúdo
Publicidade

Mose 1 48

Yakob yra Efraim kple Manase

1 Le nya siawo megbe la, wova gblɔ na Yosef be fofoa ƒe lãmegbegblẽ la nu sesẽm ɖe edzi kokoko. Ale wòkplɔ Via ŋutsuvi eveawo, Manase kple Efraim, eye woyi ɖakpɔe ɖa. 2 Eye wogblɔ na Yakob bena, "Kpɔ ɖa viwò Yosef va gbɔwò." Tete Israel do ŋusẽ nu henɔ anyi ɖe abatia dzi be yeado gbe , 3 eye wògblɔ na Yosef be, "Mawu Ŋusẽkatãtɔ ɖe eɖokui fiam le Luz, le Kanaanyigba dzi, eye wòyram. 4 Egblɔ nam be, Mawɔ nàzu dukɔ , eye matsɔ Kanaanyigba sia ana kple dzidzimeviwo, wòanye mia tegbetegbe.5 Azɔ le viwò eve siawo, Efraim kple Manase, ame siwo wodzi le Egiptenyigba dzi hafi meva la, mele woawo ya xɔm abe nye ŋutɔ vinyewo ene, eye woanyi nye dome abe Ruben kple Simeon ke ene. 6 Ke viwò bubu ɖe sia ɖe ya la, anye ŋutɔ , eye woanyi Efraim kple Manase ƒe dome tso gbɔwò le ŋutɔ nuwo gome. 7 Elabena dawò Rahel dzi vi eve ko, eye wòku esi metso Padan gbɔna Kanaan. Ke esi míegogo Efrat la, meɖii ɖe to le Efrat" (si nye Betlehem).

8 Israel ŋku ɖe Yosef ƒe ŋutsuviawo ŋu, eye wòbia be, "Ŋutsuviawoe nye esiawoa?"

9 Yosef ɖo eŋu be, "Ɛ̃, esiawoe nye ŋutsuvi siwo Mawu nam le afii le Egipte."

Israel gblɔ be, "Kplɔ wo te ɖe ŋunye ne mayra wo."

10 Israel ƒe tsitsi na eƒe ŋkuwo tsi afã kple afã, eye megatea ŋu kpɔa nu tututu o. Ale Yosef kplɔ viawo te ɖe eŋu kpokploe. Egbugbɔ nu na wo, eye wòkpla asi na wo.

11 Israel gblɔ na Yosef be, "Nyemebu tsã be magakpɔ o, ke azɔ Mawu na mekpɔ viwòwo ."

12 Tete Yosef ɖe wo ɖa le Israel ƒe atata, eye wòde ta agu, tsyɔ mo anyi. 13 Eye Yosef tsɔ wo ame eveawo; Efraim yi ɖe ɖusime be wòanɔ Israel ƒe miame, eye Manase yi ɖe miame be wòanɔ Israel ƒe ɖusime, eye wòkplɔ wo te ɖe Israel ŋu. 14 Ke Israel tso ga eƒe abɔwo esime wòdi be yeada yeƒe asiwo ɖe ɖeviawo ƒe tawo dzi. Ale eƒe ɖusi Efraim, ame si nye ɖevitɔ, eye wònɔ eƒe miame la ƒe ta dzi, eye eƒe miasi Manase, ame si nye tsitsitɔ, eye wònɔ eƒe ɖusime la ƒe ta dzi.

15 Eyra Yosef kple nya siawo be,

"Mawu, fofonye Abraham kple Isak ƒe Mawu,

ame si kplɔm le nye agbenɔɣi katã me la

nayra ŋutsuvi siawo nukutɔe.

16 Mawudɔla si ɖem tso xaxa ɖe sia ɖe me la

nayra ɖevi siawo, woade bubu nye ŋkɔ ŋu,

eye woade bubu fofonye Abraham

kple Isak ƒe ŋkɔwo ŋu.

Mawu naɖi ne woazu dukɔ aɖe."

17 Ke Yosef tɔtɔ, eye mekpɔ ŋudzedze le ale si fofoa da eƒe nuɖusi ɖe Efraim ƒe ta dzi la ŋu o. Ale wòɖe fofoa ƒe nuɖusi ɖa be yeadae ɖe Manase boŋ dzi. 18 Egblɔ be, "Ao, fofonye, ètsɔ nuɖusi da ɖe ame si ƒe ta dzi mele be nàdae ɖo o la! Ame si le afi sia lae nye tsitsitɔ. Da nuɖusi ɖe eya boŋ dzi!"

19 Ke fofoa gbe hegblɔ be, "Vinye, menya nu si wɔm mele. Manase azu dukɔ aɖe, ke nɔvia suetɔ azu dukɔ wu."

20 Ale Yakob yra ɖeviawo gbe ma gbe ale:

"Israelviwo nayra wo nɔewo agblɔ be,

Mawu nana nuwo nadze edzi na

abe Efraim kple Manase ene!’ "

Ale wòtsɔ Efraim ɖo tsitsi na Manase.

21 Israel gblɔ na Yosef be, "Mele kuku ge kpuie, ke Mawu anɔ kpli , eye wòagakplɔ ayi Kanaan, fofowòwo ƒe anyigba dzi. 22 Metsɔ Sekemnyigba si metsɔ nye yi kple dati le Amoritɔwo si la na ɖe nɔviwòwo teƒe be wòanye gome."

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.

Veja também