10 Esi Rahel nye Yakob dadaa nɔviŋutsu Laban ƒe vi, eye alẽawo nye Yakob nyrui tɔ ta la, Yakob yi vudo la gbɔ, mli kpea ɖa, eye wòna tsi nyruia ƒe alẽwo. 11 Yakob gbugbɔ nu na Rahel, eye Yakob de asi avifafa me.
18 Rahel ƒe nu nyo Yakob ŋu, eya ta Yakob gblɔ na Laban be, "Ne àtsɔ Rahel nam maɖe la, ekema mawɔ dɔ na wò ƒe adre."
20 Ale Yakob subɔ ƒe adre ɖe Rahel ta. Ke ƒe adreawo ɖi ŋkeke ʋɛ aɖewo ko le eŋkume, elabena elɔ̃ Rahel ŋutɔ.
25 Ke esi ŋu ke la, Yakob kpɔ be Lea boŋ wona yeɖe!
Yakob do dɔmedzoe, eye wòbia Laban be, "Amefuflu ka tɔgbie nye esia? Mesubɔ ƒe adre ɖe Rahel ta! Nu sia gɔme ɖe?"
27 Lala ne wò srɔ̃ɖeɖe ƒe kɔsiɖa gbãtɔ nava yi, ekema àte ŋu aɖe Rahel hã ne àgasubɔm ƒe adre bubu ko!"
30 Ale Yakob dɔ Rahel hã gbɔ. Elɔ̃ Rahel sãa wu Lea, eye wògasubɔ ƒe adre bubu.