3 Le nuŋeɣi la, Kain tsɔ eƒe agblemenukuwo sa vɔ na Yehowa, 4 eye Abel hã tsɔ eƒe alẽvi damitɔ sa vɔ nɛ. Yehowa xɔ Abel ƒe vɔsa, 5 gake mexɔ Kain tɔ o. Nu sia na Kain xa nu, eye wòdo dɔmedzoe heɖo adã.
6 Yehowa bia Kain be, "Nu ka ta nèdo dɔmedzoe vevie, eye nèyɔ mo ɖo? 7 Wò mo ate ŋu akɔ kple dzidzɔ ne ɖe nèwɔ nu si wòle be nàwɔ la! Ke esi nèwɔ vɔ̃ ta la, nu vɔ̃ le wò ʋɔtru nu le lalawòm be yeaɖu dziwò. Ke dze agbagba be nàɖu edzi!"