Pular para o conteúdo
Publicidade

Mose 1 45:1,4,5,15

Yosef ɖe eɖokui fia nɔviawo

1 Yosef magate ŋu aɖu eɖokui dzi azɔ o. Eɖe gbe na eŋumewo katã be, "Ame sia ame nado go." Ale eya kple nɔviawo koe susɔ.

4 Egblɔ na wo be, "Mite va gbɔnye." Ale wote ɖe eŋu. Egagblɔ na wo be, "Nyee nye Yosef, mia nɔvi, ame si miedzra wokplɔ dzoe yi Egipte! 5 Gake migado dɔmedzoe ɖe mia ɖokuiwo ŋu be yewowɔ nu sia ɖe ŋunye o, elabena Mawue wɔe! Eɖom ɖe afi sia do ŋgɔ na mi, ale be mate ŋu aɖe miaƒe agbe.

15 Egbugbɔ nu na nɔviawo dometɔ ɖe sia ɖe, eye wògafa dzidzɔvi. Azɔ ko hafi nɔviawo te ŋu ƒo nu.

Estes versículos te tocaram? Ore agora!

+581 estão orando agora.

Junte-se à corrente de oração.