5 Esime Yehowa kpɔ ale si gbegbe amegbetɔwo vɔ̃ɖie, eye wòkpɔ be woƒe agbenɔnɔ ɖo ta nu vɔ̃ wɔwɔ ko gbɔ la, 6 evee ŋutɔ be yewɔ amegbetɔ. Nu sia gbã dzi nɛ.
7 Tete Yehowa gblɔ be, "Matsrɔ̃ amegbetɔƒome blibo si mewɔ la ɖa le anyigba dzi. Ɛ̃, matsrɔ̃ lãwo, xewo kple nu gbagbe siwo tana la hã, elabena evem be mewɔ wo." 8 Ke Yehowa kpɔ ŋudzedze le Noa ŋu.
Noa ƒe dzidzimeviwo ŋutinya
9 Noa ƒe ŋutinya yi ale:
Noa nye ame dzɔdzɔe kple ame maɖifɔ le ame siwo nɔ anyi le eŋɔli la dome, eye wòzɔ kple Mawu.