Vi la kɔ wu mawudɔlawo
1 Le blema la Mawu ƒo nu na mia fofowo zi geɖe to mɔ vovovowo dzi to Nyagblɔɖilawo dzi. 2 Ke le ŋkeke mamlɛtɔ siawo me la, eƒo nu na mí to Via si wòtia be wòanye nuwo katã ƒe domenyila la dzi, ame si dzi hã wòto wɔ xexea me. 3 Vi la klẽna kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe. Enye ame si ɖe Mawu ƒe nɔnɔme tututu fia, eye wòna agbe nuwo katã to eƒe ŋusẽnya la me. Esi wòklɔ nu vɔ̃wo ɖa vɔ la, enɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime le dziƒo.