Kristo ƒe vɔsa ɖeka la hena ɣeyiɣiwo katã
1 Se la nye nu nyui siwo gbɔna la ƒe vɔvɔli ko, eye menye nua ŋutɔwo o. Le susu sia ta la, vɔsa siwo wowɔna agbadree ƒe sia ƒe la mate ŋu awɔ ame siwo va subɔnɛ la blibo gbeɖe o. 2 Ne ɖe vɔsa mawo te ŋu wɔ wo blibo la, ne womedzudzɔ vɔsasa oa? Elabena anye ne vɔsa la kɔ ame siwo sanɛ la ŋuti zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã, eye woƒe dzitsinyawo magabu fɔ wo le woƒe nu vɔ̃wo ta o. 3 Ke vɔsa mawo ɖoa ŋku nu vɔ̃ dzi na ameawo ƒe sia ƒe, 4 elabena mele bɔbɔe be nyitsuwo kple gbɔ̃wo ƒe ʋu naɖe nu vɔ̃ ɖa o.