37 Elabena le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la,
"Ame si gbɔna la ava ɖo,
eye matsi megbe o.
38 Ke nye dzɔdzɔetɔ la anɔ agbe to xɔse me.
Ke ne ede megbe la,
nyemakpɔ dzidzɔ le eŋuti o."
39 Ke míawo ya míele abe ame siwo de megbe, eye wotsrɔ̃ la ene o, ke boŋ míenye ame siwo xɔe se, eye míekpɔ ɖeɖe.