Pular para o conteúdo
Publicidade

Hebritɔwo 12

5 Ke mieŋlɔ dzideƒonya si mi be viŋutsuwo la be. Nya lae nye be,

"Vinye ŋutsu, mègado vlo Aƒetɔ la ƒe amehehe,

eye dzi megaɖe le ƒowò, ne eka mo na o,

6 elabena Aƒetɔ la ɖɔa ame siwo wòlɔ̃ la ɖo,

eye wòhea to na ame sia ame si wòxɔ abe Via ŋutsu ene."

7 Mito fukpekpe me abe miaƒe hehe ƒe akpa aɖe ene, elabena Mawu le mia hem abe via ŋutsuwo ene, elabena viŋutsu kae li ame si fofoa mehea to na o? 8 Ame sia ame toa hehe te, eya ta ne miawo mieto hehe te o la, ekema mienye viŋutsuvi vavãwo o, ke boŋ mienye ahasiviwo. 9 Gawu la, anyigbadzifofowo le mía si, ame siwo naa hehe , eye míetsɔ bubu na wo ɖe eta. Ke la, ele be míabɔbɔ mía ɖokui ɖe mía Fofo gbɔgbɔmetɔ te ɣe sia ɣi be míanɔ agbe! 10 Míaƒe anyigbadzifofowo hea to na hena ɣeyiɣi kpui aɖe abe ale si wònyo na woe ene, gake Mawu ya hea to na hena míaƒe nyonyo be míakpɔ gome le eƒe kɔkɔenyenye me. 11 Tohehe aɖeke meli si vivia ame nu o, ke boŋ evena, ke la, emegbe la, etsea dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa ƒe kuwo na ame siwo to tohehe la te.

Veja também