6 Ke nunɔladɔ si wode asi na Yesu la kɔ sãa wu wo tɔ, eye abe ale si nubabla si ƒe avuléla wònye la kɔ wu xoxotɔ sãa ene la, nenema kee woɖoe anyi ɖe ŋugbedodo siwo nyo wu tsãtɔwo la dzi.
7 Elabena nenye ɖe naneke megblẽ le nubabla gbãtɔ ŋu o la, anye ne wometsɔ nubabla bubu ɖɔlii o. 8 Ke Mawu ŋutɔ kpɔ vodada le eƒe dukɔ la ŋu, eye wògblɔ be,
"Aƒetɔ la be ŋkeke li gbɔna
esi dzi mabla nu yeye
kple Israel
kple Yuda ƒe aƒewo.
9 Manɔ abe nu si mebla
kple wo fofowo esi melé woƒe alɔnu,
kplɔ wo do goe le Egiptenyigba la ene o,
elabena womewɔ nuteƒe le nu si mebla kpli wo la me o,
eya ta nye hã metrɔ megbe de wo.
Aƒetɔ lae gblɔe.
10 Azɔ la esiae nye nu si mabla kple Israel ƒe aƒe la,
le ŋkeke siwo gbɔna la me. Aƒetɔ lae gblɔe.
Matsɔ nye sewo ade woƒe susuwo me,
eye maŋlɔ wo ɖe woƒe dziwo ŋu.
Manye woƒe Mawu, eye woawo hã woanye nye dukɔ.
11 Ame aɖeke magafia nu ehavia alo afia nu nɔvia ŋutsu agblɔ be,
‘Dze si Aƒetɔ la’ o,
elabena wo katã woanyam tso ɖeviwo dzi,
va se ɖe tsitsiawo dzi.
12 Matsɔ woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ake wo,
eye nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi o."
13 Ke esi Mawu yɔ nubabla sia be "yeye" la, ewɔ gbãtɔ wòdo xoxo, eye nu si tsi, do xoxo la nu ava yi kpuie.