13 Nenye be gbɔ̃wo kple nyitsuwo ƒe ʋu kple nyiviwo ƒe afi si wohlẽ ɖe ame siwo ŋuti mekɔ o la ŋu wɔnɛ be woƒe ŋuti kɔna le gotagome la, 14 ekema Kristo, ame si to Gbɔgbɔ mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu fɔɖiɖimanɔmee la ƒe ʋu aklɔ míaƒe dzitsinyawo ŋuti tso nu siwo hea ku vanɛ la me wu, ale be míate ŋu asubɔ Mawu gbagbe la.