Pular para o conteúdo
Publicidade

Jonas 3

Yona yi Ninive

1 Yehowa ƒe nya va na Yona zi evelia be, 2 "Yi ɖe Ninive, du ma me, eye nàɖe gbeƒã nya siwo megblɔ na la na wo."

3 Ale Yona ɖo to Yehowa ƒe gbe azɔ, eye wòyi Ninive. Ninive nye du aɖe si woatsɔ ŋkeke etɔ̃ hafi azɔ ato eme. 4 Yona ge ɖe du la me hezɔ ŋkeke ɖeka gbeƒã ɖem be, "Esusɔ ŋkeke blaene ne woagbã Ninive du la!" 5 Ame siwo le Ninive dua me la Mawu dzi se; woɖe gbeƒã nutsitsidɔ, eye ame sia ame, tsitsiawo kple ɖeviwo siaa ta akpanya.

6 Esi Ninive fia se Yona ƒe mawunya la, eɖi le eƒe fiazikpui dzi, ɖe eƒe fiawuwo da ɖi, eye wòta akpanya henɔ anyi ɖe dzofi me. 7 Fia la na woɖe gbeƒã le Ninive dua me be:

"Fia kple eƒe dumegãwo de se be:

"Amegbetɔ alo , nyi alo alẽ aɖeke maɖu nu o. Womana nuɖuɖu alo tsi wo o. 8 Amegbetɔwo kple lãwo siaa ata akpanya, woafa avi vevie na Mawu, woatrɔ le woƒe ̃wo dzi, eye woaɖe asi le ̃ɖivɔ̃ɖi ŋuti. 9 Ɖewohĩ, Mawu ate ŋu aɖo be míatsi agbe, eye wòaɖo asi eƒe dziku helĩhelĩ la dzi be wòagatsrɔ̃ o."

10 Ke esi Mawu kpɔ be woɖe asi le woƒe ̃wo ŋuti la, eɖe asi le ɖoɖo si wòwɔ be yeatsrɔ̃ wo la ŋu, eye wòtsɔe ke wo.

Veja também