4 Minɔ menye, eye nye hã manɔ mia me. Wainti ƒe alɔdze aɖeke mate ŋu atse ku nenye be wolãe ɖa tso wainti la ŋu o, eya ta miawo hã, nye manɔmee la, miate ŋu atse ku aɖeke o.
5 "Nyee nye wainti la, eye miawoe nye alɔdzeawo. Ame si le menye, eye nye hã mele eme la, atse ku nyui geɖe, elabena nye manɔmee la, miate ŋu awɔ naneke o.